3
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Yerusalem kple Yuda
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu
kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi.
Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono
siwo katã wònaa wo la dzi.
Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo,
ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo,
afakalawo kple dumegãwo,
ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo,
amegã bubuwo, aɖaŋudelawo,
aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
 
Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe,
eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
 
Amewo ate wo nɔewo ɖe to,
ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu,
aƒelika ɖe aƒelika ŋu,
sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu,
eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.
 
Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be,
“Wò ya avɔ le ŋuwò,
nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be,
“Ŋutete mele ŋunye o,
nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o,
eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”
 
Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ,
Yuda le anyi dzem.
Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene,
eye womeɣla wo o.
Baba na wo!
Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.
 
10 Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo,
elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
11 Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi.
Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.
 
12 Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to,
eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo.
O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae,
wote mi ɖa le mɔ la dzi.
 
13 Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu.
Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
14 Yehowa bu fɔ eƒe amewo,
eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be,
“Miawoe tsrɔ̃ nye waingble.
Mieli kɔ nu siwo mieha le
ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
15 Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo,
eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
 
16 “Zion nyɔnuwo dana,
wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm.
Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm,
nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le
woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
17 Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi,
Yehowa ana be ta nakpa na wo.”
18 Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo, 19 aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa. 20 Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo, 21 ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa. 22 Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo; 23 ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
24 Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu;
adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe,
tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe,
akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe,
eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
25 Wò ŋutsuwo atsi yi nu,
eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
26 Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi,
anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.