2
Yehowa ƒe to la
Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti.
 
Le ŋkeke mamlɛawo me la,
woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la
gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi,
be wòanye to si aƒo towo katã ta,
woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta,
eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
Ame geɖewo ava agblɔ be,
“Miva míayi Yehowa ƒe to la dzi,
míage ɖe Yakob ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la me;
afia eƒe mɔwo mí be míazɔ le eƒe mɔwo dzi.”
Nufiame atso Zion ava,
eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem ava.
Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome,
eye wòadzra ame geɖewo dome ɖo.
Woatsɔ woƒe aʋawɔyiwo atu kodzoewoe,
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ̃ gobɛwoe.
Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu
alo axɔ hehe na aʋawɔwɔ o.
 
O! Yakob ƒe aƒe,
na miazɔ le Yehowa ƒe kekeli me.
Yehowa ƒe ŋkeke
Ègbe nu le wò amewo,
Yakob ƒe aƒe gbɔ, elabena woyɔ fũu
kple ɣedzeƒetɔwo ƒe subɔsubɔwo.
Wokaa afã abe Filistitɔwo ene,
eye wokpea asi ɖe trɔ̃subɔlawo ŋu
le woƒe subɔsubɔwo me.
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple klosalo kple sika,
eye seɖoƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o.
Sɔwo bɔ ɖe woƒe anyigba dzi,
eye seɖoƒe meli na woƒe tasiaɖamwo o.
Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple legbawo,
wodea ta agu na woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo,
eye wodzea klo na nu siwo woƒe asibidɛwo wɔ,
eya ta woaɖiɖi ame ɖe anyi
eye woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi,
mègatsɔe ke wo o.
 
10 Miyi ɖe ŋɔdzigadowo me,
mibe ɖe anyigba ƒe tume tso
Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye
ƒe ŋutikɔkɔe gbɔ!
11 Woaɖiɖi ŋkugãtolawo katã ɖe anyi,
eye woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi.
Gbe ma gbe la,
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi.
 
12 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo
kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la
(elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).
13 Woabɔbɔ Lebanon ƒe sedati kɔkɔ tsralawo
kple Basan ƒe logotiwo ɖe anyi.
14 Woabɔbɔ to kɔkɔwo
kple tɔgbɛ kɔkɔwo katã ɖe anyi;
15 woabɔbɔ gbetakpɔxɔ kɔkɔwo
kple gli sesẽwo ɖe anyi,
16 eye woabɔbɔ Tarsis ƒe asitsameliwo
kple tɔdziʋu gãwo katã ɖe anyi.
17 Woabɔbɔ amewo ƒe ɖokuidodoɖedzi
kple dada ɖe anyi.
Yehowa ɖeka ko woado ɖe dzi gbe ma gbe,
18 eye woaɖe legbawo katã ɖa keŋkeŋ.
 
19 Ne Yehowa tso be yeaʋuʋu anyigba la,
amewo asi age ɖe agadowo me le kpewo tome
kple dowo me le anyigba ƒe tume,
le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ta.
20 Le ŋkeke ma dzi la,
amewo atsɔ woƒe klosalolegba
kple sikalegba siwo wosubɔna la
aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
21 Woasi ayi ɖe agadowo kple kpewo tome
kpakple agakpe kɔkɔwo tame be
woasi le Yehowa ƒe ŋɔdzi
kple eƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu,
ne etso be yeaʋuʋu anyigba.
 
22 Amegbetɔ nye nu gblɔe:
ele gblɔe abe eƒe gbɔgbɔ si
le ŋɔtime nɛ ene!
Nu ka ta nàtsɔ wò mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi?