24
Yehowa atsrɔ̃ anyigba la
Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge,
eye wòawɔe wòazu gbegbe.
Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge,
eye woakaka edzinɔlawo.
Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo,
na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu,
na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu,
nudzrala kple nuƒlela,
na ame si doa nugbana kple nugbanadola,
na fetɔ kple fenyila.
Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒiaƒia,
eye woahae keŋkeŋ.
Yehowae gblɔ nya sia.
 
Anyigba la aƒu, eye edzinuwo ayrɔ.
Nu ati kɔ na xexea me katã,
eye nu gbagbewo ayrɔ ɖe tsitrenu.
Ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi
le anyigba dzi la hã axa nu.
Anyigbadzinɔlawo do gu anyigba la,
woda le sewo kple ɖoɖowo dzi,
eye wotu nubabla mavɔ la,
eya ta fiƒode anye atsyɔ anyigba la dzi,
eye edzinɔlawo ƒe vodadawo ava woƒe ta dzi.
Esia ta anyigbadzinɔlawo fia,
eye ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia,
wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.
Axatsɛ siwo ƒe gbe me kɔ la hã zi ɖoɖoe,
Màgase dzidzɔkpɔlawo ƒe hoowɔwɔ o.
Kasaŋku siwo ɖina
kple dzidzɔ la hã zi ɖoɖoe.
Womegatsɔa hadzidzi noa wain o,
eye aha sesẽ hã ve le nu me na enolawo
10 Du gbagbã la zu aƒedo,
eye wotu aƒe ɖe sia ɖe ƒe agbo.
11 Wole ɣli dom le wain dim
le mɔtatawo dzi kple ŋkubiã.
Dzidzɔkpɔkpɔwo katã trɔ zu blanuiléle,
eye vivisesewo katã bu le anyigba la dzi.
12 Du la zu aƒedo,
eye wokaka eƒe agbowo.
13 Alea wòanɔ le anyigba la dzi
kple dukɔwo dome.
Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le
alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo
le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.
 
14 Ame ʋɛ siwo susɔ la kɔ gbe dzi hedo dzidzɔɣli;
tso ɣetoɖoƒe woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye,
15 eya ta mi, ɣedzeƒetɔwo,
mitsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa;
mido Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ
ɖe dzi le ƒukpowo dzi.
16 Tso anyigba ƒe mlɔea nu ke,
miese ha ƒe ɖiɖi be,
“Ŋutikɔkɔe woana Dzɔdzɔetɔ la.”
 
Ke megblɔ be, “Evɔ nam, evɔ nam, baba nam.
Wodem asi!
Ametatrɔlawo dem asi!”
17 O! Mi anyigbadzitɔwo, ŋɔdzi,
ʋe globo kple kamɔ le mia lalam.
18 Ame si le ŋɔdzi
nu la age adze ʋe globo la me;
ame si dze agbagba do le ʋe globo
la me la, kamɔ aɖee,
elabena dziƒo ƒe fesrẽwo ʋu,
eye anyigba ƒe agunu ʋuʋu.
19 Anyigba wó, anyigba fe kpla,
anyigba ʋuʋu sesĩe.
20 Anyigba le mumum sɔgɔsɔgɔ abe ahanomunɔtɔ ene,
ele ʋuʋum abe agbadɔ si me ya ɖo ene,
elabena anyigbadzinɔlawo ƒe aglãdzedze ƒe nu vɔ̃wo le
ekpem ale gbegbe be adze anyi,
eye magafɔ gbeɖe o.
 
21 Le ŋkeke ma dzi la,
Yehowa ahe to na ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me
kple fia siwo le anyigba dzi.
22 Woaƒo wo nu ƒu abe gamenɔla
siwo le gaxɔ globo me ene.
Woanɔ gaxɔ me, eye woahe to na wo
le ŋkeke geɖe megbe.
23 Ŋu akpe ɣe, eye ɣleti ƒe mo awɔ yaa,
elabena Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
aɖu fia le ŋutikɔkɔe me le Zion to la dzi
kple Yerusalem le eƒe dumegãwo ŋkume.