23
Nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu.
Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis,
elabena wogbã Tiro,
eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o.
Wose nya sia esi wole Kipro ke.
 
Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi
kple mi asitsala siwo tso Sidon.
Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe,
Wotsɔ bli tso Sidon,
nuŋeŋe si tso Nil Nutowo me
to tɔ gãwo dzi va Tiro
abe adzɔnuwo ene,
ale Tiro zu asiɖiƒe na dukɔwo.
 
Ŋu nekpe wò, O! Sidon,
wò mɔ sesẽ si le ƒuta,
elabena atsiaƒu gblɔ na wò be,
“Nyemelé ku kpɔ alo dzi vi kpɔ o.
Nyemenyi ŋutsuviwo alo nyɔnuviwo kpɔ o.”
Ne gbe va ɖo Egipte la, woaxa nu vevie
tso nu si wose tso Tiro ŋuti.
 
Mitso ƒu va Tarsis;
mifa konyi, mi ame siwo le ƒukpo la dzi.
Alea wò blemadu si yɔ fũu kple dzidzɔkpɔkpɔ,
wo ame si zɔ mɔ yi didiƒenyigbawo dzi la va zue nye esia?
Ame kae ɖo nugbe sia ɖe Tiro ŋu,
ame si ɖɔa fiakuku na amewo,
eƒe adzɔdolawo nye amegãwo,
eye eƒe asitsalawo nye ame xɔŋkɔwo
le anyigba dzii?
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
ɖo esia be yeaɖi gbɔ̃ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dada,
eye yeabɔbɔ ame xɔŋkɔwo katã
ɖe anyi le anyigba dzi.
 
10 O! Tarsis ƒe vinyɔnu,
de agble ɖe Nil tɔsisi la to,
elabena melidzeƒe megali na wò o.
11 Yehowa kɔ eƒe asi dzi ɖe atsiaƒu la dzi,
eye wòna eƒe fiaɖuƒewo dzo nyanyanya.
Eɖe gbe be woagbã
Foenisia ƒe mɔ sesẽwo.
12 Yehowa gblɔ be,
“O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o,
wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso!
 
“Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la,
màkpɔ dzudzɔƒe o.”
13 Kpɔ Babiloniatɔwo ƒe anyigba la ɖa;
tsã la, bubu menɔ wo ŋu o
va se ɖe esime Asiriatɔwo fɔe hetsɔe wɔ nɔƒee
na ame siwo nɔ gbegbe.
Wotu dziƒoxɔ kɔkɔwo kple fiasãwo ɖe afi ma;
ke ena wòzu aƒedo.
 
14 Mi Tarsis melikulawo mifa avi,
elabena wogbã miaƒe mɔ sesẽ la!
15 Le ɣe ma ɣi me la, woaŋlɔ Tiro be ƒe blaadre sɔŋ; siwo nye fia ƒe agbenɔƒe. Le ƒe blaadre siawo ƒe nuwuwu la, ava eme na Tiro abe ale si woŋlɔe ɖe gboloha ƒe hagbewo me nɛ ene be,
16 “Tsɔ kasaŋku. Ɖi tsa le dua me.
O! Gbolo si wogbe,
ƒo kasaŋku la nyuie, eye nàdzi ha geɖewo,
ale be woaɖo ŋku dziwò.”
17 Le ƒe blaadre ƒe nuwuwu la, Yehowa ahe to na Tiro. Agatrɔ ayi ɖe eƒe gbolowɔwɔ dzi, eye wòatsa asi sia kple fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi; 18 Ke hã la, woatsɔ viɖe siwo wòkpɔ la na Yehowa. Womadzrae ɖo ɖe nudzraɖoƒe alo aɣlae o. Woatsɔ eƒe viɖe siwo wòkpɔ la na ame siwo nɔ agbe le Yehowa ŋkume be, woatsɔ aƒle nuɖuɖu geɖe kple nudodo nyuiwoe.