37
Nubablaɖaka la
Le esia megbe la, Bezalel tsɔ akasiati wɔ nubablaɖaka la. Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, ekeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wofa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye wotsɔ sika mimli do atsiã na eto kpe ɖo. Ewɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye wòklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔdɔ̃e eve nɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. Etsɔ akasiati kpa kpo didi eve, fa sika ɖe wo ŋu, eye wòtsɔ wo ƒo ɖe sikasigɛawo me hena nubablaɖaka la kɔkɔ.
Le esia megbe la, etsɔ sika nyuitɔ wɔ nubablaɖaka la ƒe nutunu. Woyɔ nutunu sia be, “Amenuveveteƒe.” Edidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. Etsɔ sika tu kerubi eve, eye wòtsɔ wo da ɖe sikanutunu la ƒe nu eveawo. Ewɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye wòwɔ ɖeka wònɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. Kerubi eveawo dze ŋgɔ wo nɔewo, wokeke woƒe aʋalawo ɖe “Amenuveveteƒe” la dzi, eye wode mo to ɖe edzi.
Kplɔ̃ la
10 Emegbe la, etsɔ akasiati kpa kplɔ̃e. Kplɔ̃ la didi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, ekeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòkɔ sentimita blaade-vɔ-ade. 11 Wofa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye wotsɔ sika mimli ɖo atsyɔ̃ na eto kpe ɖo. 12 Etsɔ sika wɔ toɖonu si kɔ abe milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ ene la ɖo to na kplɔ̃ la kpe ɖo. 13 Etu sikasigɛ ene klã ɖe Kplɔ̃ la ƒe afɔ eneawo ŋu. 14 Wote ɖe atsyɔ̃ɖonu mimli la ŋu. Wowɔ wo be woatsɔ ati aƒo ɖe wo me hena aɖaka la kɔkɔ. 15 Wotsɔ akasiati kpa kpo siwo woatsɔ akɔ Kplɔ̃ lae, eye wofa sika ɖe wo ŋuti. 16 Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ agbawo, nutɔgbawo, detsikugbawo kple go siwo me woaku aha ɖo hena nunovɔsasa.
Akaɖiti la
17 Egatsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Akaɖiti la ƒe zɔ, ati didi la, akaɖigbɛawo ƒe nɔƒe kple seƒoƒo siwo woatsɔ aɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la katã nye nu blibo ɖeka. 18 Alɔ ade nɔ akaɖiti la ŋu, etɔ̃ nɔ akpa ɖeka, eye etɔ̃ nɔ akpa evelia hã. 19 Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la, nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo katã, siwo le akaɖiti la kɔgo ŋu. 20 Nenema ke woɖo atsyɔ̃ na akaɖiti la kple kplu ene siwo wowɔ ɖe “almɔd” seƒoƒo ƒe nɔnɔme me. 21 Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. 22 Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ atsyɔ̃ɖoɖoawo kple alɔawo katã wonye nu blibo ɖeka. 23 Emegbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbɛ adre ɖe alɔawo, ɖovulãnuawo kple dzowɔgagbɛawo siaa ŋu. 24 Wotsɔ sika nyuitɔ si ƒe kpekpeme nye kilogram blaetɔ̃-vɔ-adre la wɔ akaɖiti la kple eŋunuwoe.
Dzudzɔdovɔsamlekpui la
25 Wotsɔ akasiati kpa dzudzɔdovɔsamlekpui lae. Eƒe tame ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, anɔ sentimita blaene-vɔ-atɔ̃. Ekɔ sentimita blaasiekɛ. Dzo ɖekaɖeka nɔ dzogoe etɔ̃ dzi; wowɔ wo ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, wònye nu ɖeka. 26 Efa sika nyuitɔ ɖe eŋuti keŋ, eye wòɖo atsyɔ̃ na eto kple sika. 27 Ewɔ sikagagɔdɔ̃e eve ɖe atsyɔ̃ɖonu la te, eye wògawɔ bubu eve ɖe axa eveawo hã dzi be woatsɔ atiwo aƒo ɖe wo me hena dzudzɔdovɔsamlekpui la kɔkɔ. 28 Wotsɔ akasiati kpa kpo didiawo, eye wofa sika ɖe wo ŋu.
29 Le esiawo megbe la, etsɔ atike ʋeʋĩwo wɔ ami kɔkɔe si woasi na nunɔlawo. Egawɔ dzudzɔdonu kɔkɔe abe ale si amiʋeʋĩwɔla nyuitɔwo wɔnɛ ene.