36
Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme. Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.
Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi. Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!” Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ, elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la.
Agbadɔ la
Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae. Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve. 10 Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve. 11 Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu. 12 Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu. 13 Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la. 14 Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae. 15 Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve. 16 Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve. 17 Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu, 18 eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu.
19 Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
20 Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo. 21 Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade. 22 Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie. 23 Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo. 24 Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te. 25 Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo. 26 Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te. 27 Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe. 28 Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi. 29 Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa. 30 Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te.
31 Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi, 32 atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo. 33 Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me. 34 Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo.
35 Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme. 36 Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi.
37 Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la. 38 Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.