29
Nunɔlawo ŋu kɔkɔ
“Wɔ nu siawo hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ kple wo ɖoɖo nunɔlawoe. Lé nyitsu fɛ̃ ɖeka kple agbo eve siwo ŋu naneke megblẽ le o, eye nàtsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã, abolo vivi si woblu kple ami kple akpɔnɔ siwo dzi wokɔ ami ɖo. Woatsɔ wɔ memi awɔ aboloawo kple akpɔnɔawo. Tsɔ wo de kusi aɖe me, eye nàtsɔ kusi la, nyi la kple agbo aveawo vɛ. Le tsi na Aron kple via ŋutsuwo le agbadɔ la ƒe mɔnu. Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ, eye nàtsɔ tablanu la kple sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖo ta nɛ. Tsɔ ami kɔkɔe la, eye nàsi ami ɖe ta nɛ. Yɔ via ŋutsuwo vɛ, eye nàtsɔ woƒe dziwuiwo ado na wo. Bla ta na wo kple woƒe tablanuwo, tsɔ alidziblanu tso gae ɖe woƒe akɔta, ahablae ɖe axame na Aron kple via ŋutsuwo, ale be nunɔladɔ nanye wo tɔ tegbee. Aleae nàɖo Aron kple viawo nunɔlawoe.
Vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ
10 “Emegbe la, he nyitsu la va agbadɔ la ŋgɔ, eye nàna Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi. 11 Wui le Yehowa ŋkume le agbadɔ la ƒe mɔnu. 12 Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te. 13 Emegbe nàɖe ami si le nyitsu la ƒe dɔmenuwo ŋu. Ɖe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu, eye nàtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. 14 Esia megbe la, nàtɔ dzo lã blibo la kple eƒe ayi kple afɔdzi si le dɔ me nɛ la le asaɖa la godo abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ene.
15 “Emegbe la, Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe agboawo dometɔ ɖeka ƒe ta dzi, 16 eye nàwui. Woaɖe eya hã ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. 17 Fli agbo la, kpala lã la, eƒe dɔmenuwo kple eƒe afɔwo, eye nàtsɔ wo da ɖe eƒe ta kple lãkɔ bubuawo dzi. 18 Tɔ dzo lã blibo la ɖe vɔsamlekpui la dzi. Numevɔsae wònye na Yehowa, eye wòdzea eŋu ŋutɔ.
19 “Azɔ la, he agbo evelia vɛ. Na Aron kple via ŋutsuwo nada asi ɖe eya hã ƒe ta dzi. 20 Wui eye nàɖe ʋu la asi ɖe Aron kple via ŋutsuwo ƒe nuɖusitowo, woƒe degblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe nuɖusi ƒe afɔbidɛ gãtɔwo ŋu. Hlẽ ʋu mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu kpe ɖo. 21 Emegbe la, nàha ʋu la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la ŋu, nàtsakae kple amisisi la, eye nàhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuawo ƒe awuwo ŋu. Ekema woawo ŋutɔwo kple woƒe awuwo ŋu akɔ na Yehowa.
22 “Azɔ ɖe agbo la ƒe ami kpe ɖe asike dami la, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu, nàɖe eƒe aklã kple ayiku eveawo kple ami si le wo ŋu kpe ɖe agbo la ƒe ɖusimeta ŋu. (Esiae nye agbo na Aron kple via ŋutsuwo ɖoɖo nunɔlawoe.) 23 Tsɔ nu siawo kpe ɖe abolo bɔbɔe ɖeka kple abolo vivi ɖeka kple akpɔnɔ ɖeka ŋu tso kusi si me abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã si woda ɖe Yehowa ŋkume la me. 24 Tsɔ nu siawo de asi na Aron kple viawo. Na woanye wo le yame abe vɔsa na Yehowa ƒe dzesi ene. 25 Le esia yome la, xɔ nu siawo le wo si, eye nàtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numeme si ʋẽna lĩlĩlĩ ɖe Yehowa ene. 26 Ɖe agbo si wòwu hena Aron ɖoɖo nunɔlae la ƒe akɔ. Nyee le yame le Yehowa ŋkume abe vɔsa ƒe dzesi ene. Akɔ sia nazu tɔwò.
27 “Tsɔ agbo si wowu hena Aron kple via ŋutsuwo ŋuti kɔkɔ la ƒe akɔta kple atawo na Aron kple via ŋutsuwo. 28 Ele be Israelviwo nadzɔ woƒe vɔsalãwo ƒe akpa siawo ɣe sia ɣi, nenye ŋutifafavɔsa loo alo akpedavɔsa abe woƒe vɔsa na Yehowa ene.
29 “Ele be woadzra eƒe awu kɔkɔeawo ɖo hena Via ŋutsu si ava xɔ ɖe eteƒe la ŋuti kɔkɔ ne wole eŋuti kɔm tso dzidzime yi dzidzime. 30 Ame sia ame si ava nye nunɔlagã le Aron megbe la ado awu siawo ŋkeke adre hafi ade asi subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me le agbadɔ la me kple Kɔkɔeƒe la siaa.
31 “Tsɔ agbo si ŋu dɔ wowɔ le nunɔlawo ɖoɖo me, eye nàɖa eƒe lã le teƒe kɔkɔe aɖe. 32 Na Aron kple via ŋutsuwo naɖu lã la kple abolo si le kusi la me le agbadɔ la ƒe mɔnu. 33 Ale woaɖu nu si wotsɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖae hafi ɖo wo nunɔlawoe hekɔ wo ŋuti. Ame bubu aɖeke mekpɔ mɔ aɖu wo o, elabena nu kɔkɔewo wonye. 34 Nenye be agbo si wotsɔ ɖo wo nunɔlawoe la ƒe lã aɖe susɔ alo abolo la ƒe ɖe susɔ ŋu ke ɖe edzi la, tɔ dzoe. Mele be woaɖui o, elabena ele kɔkɔe.
35 “Ale nàɖo Aron kple via ŋutsuwo nunɔlawo le mɔ sia nu. Wo ɖoɖo nanɔ edzi ŋkeke adre. 36 Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ. 37 Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.”
Gbe sia gbe vɔsa
38 “Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe, 39 ɖeka le ŋdi me, eye evelia le fiẽ me. 40 Tsɔ wɔ memi kilogram ɖeka, ami lita ɖeka kple wain lita ɖeka kpe ɖe alẽ ɖeka ŋu. 41 Tsɔ alẽ evelia kple wɔ memi la kple wain sa vɔe le fiẽ me abe ale si nèwɔ le ŋdi me ene, wòanye vɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ na Yehowa.
42 “Esiae nye numevɔsa si miawo kple miaƒe dzidzimeviwo miawɔ gbe sia gbe na Yehowa le agbadɔ la ƒe mɔnu. Mado go wò le afi ma, eye maƒo nu kpli wò. 43 Mado go Israelviwo le afi ma, eye nye ŋutikɔkɔe akɔ agbadɔ la ŋu. 44 Ɛ̃, makɔ agbadɔ la, vɔsamlekpui la, Aron kple via ŋutsuwo, ame siwo nye subɔlawo kple nunɔlawo la ŋu. 45 Manɔ Israelviwo dome, manye woƒe Mawu, 46 eye woanya be, nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la. Mekplɔ wo tso Egipte ale be mate ŋu anɔ wo dome. Nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la.”