28
Nunɔlawo ƒe awuwo
“Na woakplɔ nɔviwò ŋutsu Aron vɛ na wò tso Israelviwo dome kpe ɖe via ŋutsuwo Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar ŋu ale be woawɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene. Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu. Gblɔ na aɖaŋudɔwɔla siwo katã mena nunya le nya siawo tɔgbi me la be woatɔ awuwo na Aron hena eɖoɖo nunɔlae, ale be wòate ŋu awɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam. Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.
Kɔmewu la
“Na woatsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hɛ̃tɔ kple ɖetika ɣitɔ alɔ̃ awu siawoe.
“Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae. Woatɔe awu evee: ŋgɔgbetɔ kple megbetɔ, eye woakpe wo ɖe abɔta. Woatsɔ avɔ ma tɔgbi ke, aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ ƒe avɔ awɔ alidziblanu la hãe. Emegbe tsɔ onikskpe eve, eye nàŋlɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi. 10 Ŋkɔ ade nanɔ kpe ɖeka dzi, eye woaɖo ŋkɔawo ɖe woƒe tsitsi nu. 11 Tsɔ ŋkɔsigɛ̃wɔnu ŋlɔ Israel ƒe vi wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe eveawo dzi. Wɔe abe ale si kpe xɔasi nuŋlɔla ŋlɔa nui ɖe ŋkɔsigɛ dzi la ene. Emegbe, nàtsɔ sika afa ɖe towo na kpeawo. 12 Tsɔ kpe eveawo eye tɔ wo ɖe kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi. Na Aron nakpla woƒe ŋkɔwo ɖe abɔta le Yehowa ŋkume abe ŋkuɖodzi ene. 13 Na woatsɔ sika nyuitɔ awɔ sikakawo 14 kple sikakɔsɔkɔsɔ eve siwo adidi abe ka ene, eye woatsɔ wo aku sikasigɛ siwo le kɔmewu la ƒe abɔtawo.
Akɔtaɖonu la
15 “Na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo nawɔ akɔtaɖonu si anye nyametsonu; nenɔ abe kɔmewu la tɔgbi ene, eye woawɔe kple sikaka blɔtɔ, ka dzĩ kple ka hẽ kple kadada ɣi. 16 Wɔe ɖe dzogoe ene me, eƒe didime nanye sentimita blaeve-vɔ-eve, eye eƒe kekeme hã nanɔ nenema. Emegbe woaŋee ɖe eve. 17 Tsɔ kpe xɔasiwo ɖo agbaka ene me ɖe eŋu. Kanelian, krisolit kple beril nanɔ fli gbãtɔ me; 18 tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nanɔ fli evelia me. 19 Yasint, agate kple ametist nanɔ fli etɔ̃lia me. 20 Topaz, oniks kple yaspa nanɔ fli enelia me. Tsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. 21 Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene. 22 Tsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. 23 Wɔ sikagagodo eve nɛ, eye nàtsɔ wo asa ɖe akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eve dzi. 24 Tsɔ sikakɔsɔkɔsɔ eve sa ɖe gagodo siwo le akɔtaɖonu la ƒe dzogoe eveawo ŋu la ŋu. 25 Na woatɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. 26 Emegbe la, gawɔ sikasigɛ bubu eve, eye nàtsɔ wo aku akɔtawu la te le eme gome. 27 Gawɔ sikasigɛ bubu eve na dziwui ʋlaya la te le eŋgɔ, le alidziblanu la ŋu. 28 Azɔ la, tɔ ka blɔtɔwo ɖe akɔtawu la te, eye nàtsɔ kawo atsi ɖe sikasigɛ siwo le dziwui ʋlaya la te la ŋu. Esia ana be akɔtawu la nalé ɖe dziwui la ŋu. 29 Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe towo ƒe ŋkɔ siwo le akɔtawu la dzi aɖo eƒe dzi gbɔ abe Mawu ƒe nyametsonu ene, ne eyi Teƒe Kɔkɔe la. Nu sia anɔ ŋku ɖom Israelviwo dzi na Yehowa edziedzi.”
Nunɔlawo ƒe awu bubuwo
30 Tsɔ Urim kple Tumim siwo nye kpe siwo wotsɔna biaa nu Mawu la de akɔtawu la ƒe kotoku me be woanɔ Aron ƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume. Ale Aron atsɔ Israelviwo ƒe nyametsonu la ɖe eƒe dzi dzi ne edo ɖe Yehowa ŋkume.
31 “Tsɔ avɔ blɔtɔ tɔ awu ʋlaya si le kɔmewu la te, 32 eye woaɖe teƒe si Aron ƒe ta nato la ɖi. Woatɔ avɔ aƒo xlã teƒe sia, abe ale si wowɔna na akpoxɔnuwo ene, ale be mavuvu o. 33 Woatsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ alɔ̃ yevuboɖawo ɖe awu ʋlaya la to le awu la te eye sikanyawowoewo nanɔ yevuboɖawo dome. 34 Yevuboɖawo kple sikanyawowoeawo naɖɔli wo nɔewo ale be sikanyawowoe ɖeka nanɔ yevuboɖa ɖeka yome. 35 Na Aron nado dziwui ʋlaya la ɣe sia ɣi si wòayi be yeawɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa, eye sikanyawowoeawo nanɔ ɖiɖim kliŋkliŋkliŋ le Yehowa ŋkume le Kɔkɔeƒe la kple ne edzo le eŋkume ale be maku o.
36 “Hekpe ɖe esia ŋu la, tsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be,
wokɔ eŋuti na Yehowa,
abe ale si nàŋlɔ nu ɖe nutrenu la dzi ene. 37 Woatsɔ ka blɔtɔ atsi sikanu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu. 38 Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake.
39 “Na woalɔ̃ Aron ƒe dziwui ʋlaya la kple ɖeti ɣi, eye woana wòanɔ ŋɔŋɔe. Woatsɔ avɔ ma ke alɔ̃ tablanu la hã, eye woalɔ̃ nu ɖe alidziblanu la hã me.
40 “Wɔ awu ʋlayawo, alidziblanuwo kple tablanuwo na Aron ƒe viŋutsuwo be woade bubu wo ŋu. 41 Do awu siawo na Aron ƒe viŋutsuawo. Si ami ɖe ta na wo, eye nàto esia me akɔ wo ŋu, aɖo wo nunɔlawo be woasubɔm. 42 Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu. 43 Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”