15
Se le Sabatƒe ŋuti
“Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, ‘Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,’ elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!
“Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e. 10 Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la nɛ, eye mègafa konyi tso eŋu hã o! Elabena Yehowa wò Mawu ana nuwo nadze edzi na wò le nu sia ta! 11 Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo dɔ me, ado nu na wo.”
Ablɔɖenana Hebritɔ siwo nye kluviwo
12 “Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ wò ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. 13 Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! 14 Do mɔe kple lã aɖewo tso wò lãha la me kple ami tso wò amiɖaƒe kple wain tso wò wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa wò Mawu ayra wòe la nu. 15 Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi.
16 “Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ wò, wò aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye wò beléle na ye dze ye ŋu la, 17 ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to nɛ amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. Wɔ nenema ke na wò kosiwo hã. 18 Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave wò o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma wɔ agbatedɔwɔla eve ƒe dɔ na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, wò Mawu la ayra wò dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe wò kluvi la ta!”
Lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo
19 “Ele be nàkɔ wò alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, wò Mawu la. Mègana wò nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ dɔ le agble me o, eye mègako fu le wò alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. 20 Le esia teƒe la, ele be wò kple wò ƒometɔwo miaɖu lã siawo le Yehowa, wò Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. 21 Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe nɛ, eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ mɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa wò Mawu o, 22 ke boŋ ɖui kple wò ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu lã sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o hã, abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, 23 gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”