14
Nu siwo ŋu kɔ kple nu siwo ŋu mekɔ na ɖuɖu o
“Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o. Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me.
“Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o. Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃, zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi. Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna. Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo. Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o.
“Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le. 10 Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o. 11 Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ 12 negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃, 13 doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe, 14 akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe, 15 golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe, 16 ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi, 17 aluge, akaga kple tsimese, 18 damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro.
19 “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o. 20 Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ.
21 “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la.
“Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”
Nuwo ƒe akpa ewolia nana
22 “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ. 23 Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me. 24 Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la, 25 ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la. 26 Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo.
27 “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o.
28 “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me. 29 Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”