8
Daniel kpɔ ŋutega tso agbo aɖe kple gbɔ̃tsu aɖe ŋu
Le fia Belsazar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, nye Daniel mekpɔ ŋutega aɖe ɖe esi mekpɔ xoxo la yome. Le nye ŋutega la me la, mekpɔ ɖokuinye be mele Susa fiadu la me le Elam nutogã me. Le ŋutega la me la, mekpɔ hã be menɔ Ulai tɔsisi la to. Mefɔ kɔ dzi, eye mekpɔ agbo aɖe si to dzo eve, wòtsi tsitre ɖe tɔsisi la to; eƒe dzowo didi. Dzoawo dometɔ ɖeka nɔ kpuie wu evelia gake eva didi ɖe edzi emegbe. Menɔ ŋku lém ɖe agboa ŋu esi wònɔ dzo dam ɖo ta ɣetoɖoƒe kple anyiehe kple dziehe. Lã aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe enu o eye ɖeke mete ŋu xɔ nu léle le esi o. Ewɔ nu si dze eŋu eye wòkpɔ ŋusẽ ŋutɔ.
Esi menɔ nu sia ŋu bum la, gbɔ̃tsu aɖe tso ɣetoɖoƒe gome va le anyigba blibo la dzi tsam kple du gake eƒe afɔwo menɔ anyigba kam o. Gbɔ̃tsu la to dzo titri eve ɖe eƒe ŋkuwo dome. Eva agbo si to dzo eve si mekpɔ le tɔsisi la to la gbɔ eye wòlũ ɖe edzi kple dɔmedzoe helĩhelĩ. Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o. Gbɔ̃tsu la va xɔ ŋkɔ ale gbegbe gake le eƒe ŋusẽ ƒe kɔkɔƒe la, eƒe dzo biɖa la ŋe eye dzo titri ene to ɖe eteƒe do ɖe dziƒoya eneawo gbɔ.
Dzo bubu to tso dzoawo dometɔ ɖeka me. Dzo sia nɔ sue gake eva tsi le ŋusẽ me yi ɖe dziehe godo, va ɣedzeƒe, do ɖe Anyigba Nyui la gbɔ ke. 10 Etsi va se ɖe esime wòtɔ dziƒo ŋu, ena ɣletivi aɖewo ge va dze anyigba eye wòtu afɔ wo dzi. 11 Edo eɖokui ɖe dzi ɖe aʋakɔwo ƒe Fia la ŋu eye wòxɔ gbe sia gbe ƒe vɔsalã le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. 12 Le aglãdzedze ta la, wotsɔ ame kɔkɔewo ƒe aʋakɔ la kple gbe sia gbe ƒe vɔsa de asi nɛ. Nu sia nu si wòwɔ la dze edzi nɛ eye wòtsɔ nyateƒe ƒu gbe ɖe anyigba.
13 Tete mese ame kɔkɔe aɖe wònɔ nu ƒom eye ame kɔkɔe bubu gblɔ nɛ be “Va se ɖe ɣe ka ɣi hafi ŋutega sia nava eme, ŋutega si ku ɖe gbe sia gbe ƒe vɔsa, aglãdzedze si hea gbegblẽ vɛ kple asiɖeɖe le kɔkɔeƒe la ŋu kple dɔla si dzi woanye avuzi le?”
14 Egblɔ nam be, “Fiẽ kple ŋdi akpe eve alafa etɔ̃ ava yi ekema woagbugbɔ kɔkɔƒe la ŋu akɔ.”
Ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe
15 Esime nye, Daniel, menɔ ŋutega la kpɔm eye menɔ agbagba dzem be mase egɔme la, ame aɖe si ɖi ŋutsu la tsi tsitre ɖe nye ŋkume 16 eye mese ame aɖe ƒe gbe tso Ulai tɔsisi la gbɔ wògblɔ be, “Gabriel, gblɔ ŋutega la ƒe gɔmeɖeɖe na ŋutsu sia.”
17 Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”
18 Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.
19 Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu. 20 Agbo dzoevee si nèkpɔ la nye Media fia kple Persia fia. 21 Gbɔ̃tsu la nye Grik fia eye dzo titri si nɔ eƒe ŋkuwo dome lae nye fia gbãtɔ. 22 Dzo ene siwo to ɖe ɖeka si woŋe teƒe lae nye fiaɖuƒe ene siwo ado tso eƒe dukɔ me gake ŋusẽ ma tɔgbi ke manɔ wo ŋu o.
23 “Le woƒe dziɖuɖu ƒe nuwuwu lɔƒo esime aglãdzelawo ƒe aglãdzedze ado gã ɖe edzi la, fia vlo aɖe si nye ayetɔ gã aɖe la, ado. 24 Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo. 25 Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.
26 “Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”
27 Ɖeɖi te nye, Daniel ŋu eye menɔ dɔba dzi ŋkeke aɖewo. Emegbe mefɔ eye meyi fia la ƒe dɔwɔwɔ dzi. Ŋutega la wɔ nuku nam ŋutɔ; ekɔ wu amewo ƒe gɔmesese.