7
Daniel ƒe drɔ̃ekuku tso lã wɔadã ene ŋu
Le Belsazar, Babilonia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, Daniel ku drɔ̃e esime wòmlɔ eƒe aba dzi eye ŋutega geɖewo to eƒe susu me. Eŋlɔ drɔ̃e la me nyawo da ɖi.
Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam. Lã gã ene siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ la do go tso atsiaƒu la me.
“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.
“Lã evelia si ɖi sisiblisi la nɔ tsitre ɖe nye ŋkume. Wofɔ eƒe akpa ɖeka ɖe dzi eye agbaƒuti etɔ̃ nɔ eƒe nu me le eƒe aɖuwo dome. Wogblɔ nɛ be, ‘Tso eye nàɖu lã wòasu wò!’
“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.
“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.
“Esi menɔ dzoawo ŋu bum la, dzo bubu aɖe do ɖe nye ŋkume; dzo sue aɖe koe wònye do ɖe wo dome eye wòho dzo etɔ̃ le dzo gbãtɔwo dome le eŋgɔ. Ŋkuwo nɔ dzo sia ŋu abe amegbetɔ ƒe ŋkuwo ene eye nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe hã nɔ eŋu.
“Esi menɔ ŋku lém ɖe eŋu la,
“woɖo fiazikpuiwo woƒe nɔƒewo.
Tete Blema Mawu va nɔ eƒe nɔƒe.
Eƒe awu fu tititi abe sno ene
eye eƒe taɖa fu abe ɖetifu ene.
Eƒe fiazikpui nɔ bibim kple dzo.
10 Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ.
Ame akpe akpewo nɔ esubɔm,
ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ.
Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.
11 “Meyi ŋkuléle ɖe nuwo ŋu dzi le adegbeƒonya siwo lãdzo la nɔ gbɔgblɔm la ta. Meyi nukpɔkpɔ dzi va se ɖe esime wowu lã la eye wotsɔ eƒe ŋutilã kukua ƒu gbe ɖe dzo bibi la me. 12 Woxɔ ŋusẽ le lã bubuawo si gake wona be woanɔ agbe hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko.
13 “Le nye ŋutega me le zã me la, mekpɔ ame aɖe si le abe amegbetɔ vi ene wògbɔna kple dziƒo ƒe lilikpowo. Egogo Blema Mawu la eye wokplɔe yi eŋkumee. 14 Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple gãnyenye ƒe ŋusẽ nɛ eye amewo katã kple dukɔwo katã kple ame siwo tso gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me la subɔe. Eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu si anɔ anyi tegbee, dziɖuɖu si nu matso o eye eƒe fiaɖuƒe nye esi womagbã gbeɖe o.
Drɔ̃e la gɔme ɖeɖe
15 “Nye, Daniel, nye gbɔgbɔ tsi dzi le menye eye ŋutega siwo mekpɔ la ɖe fu nam. 16 Mete ɖe ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka ŋu eye mebia nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖe nyuitɔ tso egbɔ.
“Ale wògblɔe nam eye wòna nu siawo katã ƒe gɔmeɖeɖem. 17 ‘Lã gã eneawoe nye fiaɖuƒe ene siwo ava dzɔ tso anyigba dzi. 18 Ke Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo axɔ fiaɖuƒe la eye wòanye wo tɔ tegbee, ɛ̃, tegbetegbe.’
19 “Tete medi be manya lã enelia ƒe gɔmeɖeɖe tututu. Lã sia to vovo sãa tso bubuawo gbɔ eye ŋɔdzi nɔ eŋu ŋutɔ kple eƒe gaɖuwo kple akɔblifewo. Enye lã si vuvua nu, ɖua eƒe nu lélewo eye wòtua afɔ nu sia nu si susɔ la dzi. 20 Medi hã be manya nu tso eƒe dzo ewo siwo nɔ eƒe ta kple dzo bubu si wòto, esi ŋgɔ dzo etɔ̃ ho le, dzo si ŋu dzedzeme nɔ wu bubuawo eye esi ŋu ŋkuwo kple nu si ƒoa nu adegbeƒotɔe nɔ la ŋu. 21 Esi melé ŋku ɖe eŋu la, dzo sia nɔ aʋa wɔm kple ame kɔkɔeawo eye wònɔ wo dzi ɖum. 22 Va se ɖe esime Blema Mawu la va eye wòtso afia na Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo eye ɣeyiɣia de be fiaɖuƒe la nazu wo tɔ.
23 “Ena gɔmeɖeɖe siam. ‘Lã eneliae nye fiaɖuƒe enelia si ado ɖe anyigba dzi. Ato vovo tso fiaɖuƒe bubuawo katã gbɔ, aɖu anyigba blibo la dzi, atu afɔ edzi eye wòagbãe. 24 Dzo ewoawo nye fia ewo siwo ado tso fiaɖuƒe sia me. Le woawo yome la, fia bubu aɖe ava, ato vovo tso esiwo do ŋgɔ nɛ la gbɔ eye wòaɖu fia etɔ̃ dzi. 25 Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.
26 “ ‘Ke ʋɔnu la aɖi anyi, woaxɔ eƒe ŋusẽ le esi eye woagbãe gudugudu tegbetegbe. 27 Ekema woatsɔ dziɖuɖu, ŋusẽ kple fiaɖuƒewo ƒe gãnyenye le dziƒo blibo la ana ame kɔkɔeawo, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe amewo. Eƒe fiaɖuƒe la anye fiaɖuƒe mavɔ, dziɖulawo katã asubɔe eye woaɖo toe.’
28 “Esiae nye nya la ƒe nuwuwu. Nye, Daniel, nye susuwo ɖe fu nam ŋutɔŋutɔ, nye ŋkume fu kpĩi ke medzra nya la ɖo ɖe nye dzi me.”