4
Nebukadnezar ku drɔ̃e tso ati aɖe ŋu
Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar,
Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã.
Eme nenyo na mi katã!
Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.
Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ,
eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ.
Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ
eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.
Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam. Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam. Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam. Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o. Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme.
Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam. 10 Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ. 11 Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli. 12 Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.
13 “Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo. 14 Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi. 15 Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome.
“ ‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome. 16 Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi.
17 “ ‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’
18 “Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”
Daniel ɖe drɔ̃e la gɔme
19 Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.”
Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi! 20 Ati si nèkpɔ wòlolo, sẽ, eƒe tame tɔ dziŋgɔli, eye wòdzena le anyigba la dzi 21 kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye 22 wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.
23 “Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’
24 “O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti. 25 Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu. 26 Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum. 27 Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”
Drɔ̃e la va eme
28 Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi. 29 Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la, 30 egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”
31 Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò. 32 Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”
33 Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.
 
34 Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee.
Seɖoƒe meli na eƒe dziɖuɖu o;
eye eƒe fiaɖuƒe anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.
35 Wobua anyigbadzitɔwo katã
be womele ɖeke me o.
Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo
kple anyigbadzitɔwo.
Ame aɖeke mate ŋu ahe
eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be,
“Nu kae nye esi nèwɔ?”
36 Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã. 37 Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.