3
Sikalegba la kple kpodzo la
Fia Nebukadnezar wɔ sikalegba aɖe wòkɔ afɔ blaasiekɛ, eye wòkeke afɔ asiekɛ. Ekɔe da ɖe Dura gbegbe le Babilonianyigba dzi. Esia megbe la, eyɔ amegãwo, anyigba la dzi ɖulawo, mɔmefiawo, gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo be woava kpɔ legba si yeli la ŋuti kɔkɔ teƒe. Ale amegãwo, dziɖulawo, aɖaŋudelawo gadzikpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, sefialawo kple nutomedzikpɔlawo va ƒo ƒu hena legba si Fia Nebukadnezar li la ŋuti kɔkɔ teƒe kpɔkpɔ, eye wotsi tsitre ɖe eŋgɔ.
Tete gbeƒãɖela do ɣli sesĩe gblɔ be, “Nu si wode se be miawɔe nye esi: O amewo, dukɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo, ne mienya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, ele be miamlɔ anyi eye miade ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li. Ame sia ame si mamlɔ anyi eye wòade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo bibi la me enumake.”
Eya ta ne amewo nya se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi ko la, amewo katã, dukɔwo me tɔwo kple gbe ɖe sia ɖe gblɔlawo mlɔa anyi eye wodea ta agu na sikalegba si Fia Nebukadnezar li.
Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu. Wogblɔ na Fia Nebukadnezar be, “O fia, nɔ agbe tegbee. 10 Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la 11 eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me. 12 Ke Yudatɔ aɖewo li, ame siwo nètsɔ ɖo dziɖuɖu ƒe nyawo nu le Babilonia siwo nye Sadrak, Mesak kple Abednego, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o. O fia, womesubɔa wò mawuwo o, eye womedea ta agu na sikalegba si nèli la o.”
13 Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume. 14 Fia la bia wo be, “Nyateƒe wònye, Sadrak, Mesak kple Abednego, be miesubɔa nye mawuwo o eye miedea ta agu na sikalegba si meli la o mahã? 15 Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”
16 Sadrak, Mesak kple Abednego ɖo eŋu na fia la be, “O fia, mehiã be míaʋli mía ɖokuiwo ta le wò ŋkume le nya sia me o. 17 Ne woda mí ɖo ɖe kpodzoa me la, Mawu si míesubɔna la ate ŋu aɖe mí tso eme eye wòaɖe mí tso wò asi me, O fia. 18 Ke ne maɖe mí o hã la, míedi be nànya, O fia, be míasubɔ wò mawuwo loo alo ade ta agu na sikalegba si nèli la o.”
19 Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã. 20 Eɖe gbe na eƒe asrafo sesẽtɔwo le eƒe aʋakɔ me be woabla Sadrak, Mesak kple Abednego eye woada wo ɖe kpodzo la me. 21 Ale ame siawo, ame siwo do awu ʋlayawo, tablanuwo kple awu bubuwo la, wobla wo eye wokɔ wo ƒu gbe ɖo ɖe kpodzo si xɔ dzo ŋutɔŋutɔ la me. 22 Fia la ƒe gbeɖeɖe nu sẽ, eye dzokpo la hã ƒe dzoxɔxɔ nu sẽ ale gbegbe be dzo la ƒe aɖewo wu asrafo siwo kɔ Sadrak, Mesak kple Abednego ƒu gbe ɖe kpodzo la me. 23 Ke ame etɔ̃ siawo, ame siwo wobla sesĩe la, ge dze dzo bibi la me.
24 Tete Fia Nebukadnezar ƒe nu ku. Etso kpla eye wòbia eƒe aɖaŋudelawo be, “Menye ame etɔ̃e nɔ afi ma, ame siwo míebla tsɔ ƒu gbe do ɖe kpodzoa me oa?”
Woɖo eŋu be, “Nenemae, O fia.”
25 Fia la gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mekpɔ ame ene, wole tsa ɖim le dzo la me; womebla wo o, nuvevi aɖeke mewɔ wo hã o eye ame enelia ɖi mawuwo ƒe viŋutsuvi aɖe.”
26 Tete Fia Nebukadnezar te ɖe kpodzo la ƒe ʋɔtru ŋu, eye wòdo ɣli be, “Sadrak, Mesak kple Abednego, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe subɔlawo, mido go. Miva afi sia!”
Ale Sadrak, Mesak kple Abednego do go le kpodzo la me 27 eye amegãwo, anyigbadzinunɔlawo, aʋafiawo kple aɖaŋudelawo va ƒo xlã wo. Wokpɔ be dzo la mewɔ nuvevi aɖeke woƒe ŋutilã o, dzo la mefia woƒe taɖa ɖeka pɛ hã loo alo woƒe awuwo o. Gawu la, dzo la ƒe ʋeʋẽ menɔ wo dometɔ aɖeke ŋu o.
28 Tete Nebukadnezar gblɔ be, “Woakafu Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu, ame si ɖo eƒe mawudɔla ɖa eye wòɖe eƒe dɔlawo! Woxɔ edzi se eye wogbe fia la ƒe se dzi wɔwɔ, wolɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe agbewo ana wu be yewoasubɔ alo ade ta agu na mawu bubu negbe woawo ŋutɔ ƒe Mawu ko 29 eya ta mele se dem be dukɔ sia dukɔ me tɔ alo gbe aɖe gblɔla si agblɔ nya vɔ̃ aɖe ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ƒe Mawu ŋu la, woaflii kakɛkakɛ eye woana eƒe aƒe nazu aɖukpo elabena mawu bubu aɖeke mate ŋu aɖe ame le mɔ sia nu o.”
30 Tete fia la do Sadrak, Mesak kple Abednego ɖe ŋgɔ le Babilonia nutoa me.