9
David nyo dɔ me na Mefiboset
David bia be, “Ame aɖe gakpɔtɔ ɖe Saul ƒe aƒe me, ame si nu mave le Yonatan ta?”
Azɔ la, dɔla aɖe nɔ Saul ƒe aƒe me si ŋkɔe nye Ziba. Woyɔe va David ŋkume eye fia la biae be, “Wòe nye Ziba?”
Eɖo eŋu be, “Wò dɔlae.”
Fia la biae be “Ame aɖeke megale Saul ƒe aƒe me si maɖe Mawu ƒe amenuveve afia oa?”
Ziba ɖo eŋu na fia la be, “Yonatan ƒe viŋutsu aɖe gali ko, ame si ƒe atawo kple eve tu.”
Fia la biae be, “Afi ka wòle?”
Ziba ɖo eŋu be, “Ele Amiel ƒe vi Makir ƒe aƒe me le Lo Debar.”
Ale Fia David na wokplɔe tso Lo Debar vɛ tso Makir, Amiel ƒe viŋutsu, Makar ƒe aƒe me.
Esi Mefiboset, ame si nye Yonatan ƒe viŋutsu kple Saul ƒe tɔgbuiyɔvi va ɖo David gbɔ la, ede ta agu hede bubu eŋu.
David yɔe be, “Mefiboset!”
Mefiboset ɖo eŋu be, “Nye, wò dɔlae nye esi.”
David gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, elabena mave nuwò vavã le fofowò, Yonatan ta. Magbugbɔ tɔgbuiwò, Saul, ƒe anyigbawo katã ana wò eye àɖu nu gbe sia gbe le nye kplɔ̃ ŋuti.”
Mefiboset tsyɔ mo anyi gblɔ be, “Nu kae wò dɔla nye be nètsɔ ɖe le eme na nye, ame si le abe avu kuku ene?”
David yɔ Saul ƒe subɔla Ziba eye wògblɔ nɛ be, “Metsɔ nu sia nu si nye Saul kple eƒe ƒomea tɔ la na wò aƒetɔ Saul ƒe tɔgbuiyɔvi. 10 Wò kple viwòwo kple wò subɔlawo miade agble ɖe anyigba la dzi nɛ eye miatsɔ nukuawo vɛ ale be wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi nakpɔ nuɖuɖu. Ke Mefiboset, wò aƒetɔ ƒe tɔgbuiyɔvi, aɖu nu le nye kplɔ̃ ŋu.” Azɔ la, viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve nɔ Ziba si.
11 Ziba gblɔ na fia la be, “Wò subɔla awɔ nu sia nu si nye aƒetɔ, fia la aɖe gbe na eƒe subɔla be wòawɔ.” Ale Mefiboset ɖua nu le Fia David ƒe kplɔ̃ ŋu abe fia la ƒe viwo dometɔ ɖeka ene.
12 Viŋutsuvi sue aɖe nɔ Mefiboset si; eŋkɔe nye Mika. Ziba ƒe aƒemetɔwo katã zu Mefiboset ƒe subɔlawo. 13 Ke Mefiboset ya nɔ Yerusalem, elabena eɖua nu le fia la ƒe kplɔ̃ ŋu, eye eƒe atawo kple eve tu.