6
David kɔ nubablaɖaka la va Yerusalem
David gaƒo ƒu ame tiatia akpe blaetɔ̃ tso Israel dukɔ blibo la me. David kple eƒe ameawo katã dze mɔ tso Baala Yuda be woaɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso afi ma vɛ. Woyɔa Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ame si le Kerubi siwo le nubablaɖaka la dzi la ƒe ŋkɔ ɖe eŋu. Wokɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la da ɖe tasiaɖam yeye aɖe dzi eye wokɔe tso Abinadab ƒe aƒe si le toa ŋu la me. Ame siwo tutu tasiaɖam la woe nye Abinadab ƒe viŋutsuwo, Uza kple Ahio. Ahio nɔ zɔzɔm le ŋgɔ, David kple Israel ƒe aƒe blibo la katã nɔ dzidzɔ kpɔm, nɔ ɣe ɖum kple woƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume. Wonɔ ha dzim ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo, gaviwo kple gakogoewo ŋu.
Esi woɖo Nakon ƒe lugbɔƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu ƒe nubablaɖaka la elabena nyiawo ƒe afɔwo kli nu. Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.
David do dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu le nu si wòwɔ Uza la ta eye wòna ŋkɔ teƒe ma be “Perez Uza” si gɔmee nye, “Afi si wodo dɔmedzoe ɖe Uza ŋu le.” Ŋkɔ sia tsi teƒe la ŋu va se ɖe egbe.
David vɔ̃ Mawu eye wòbia be “Aleke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ava aƒee?” 10 Nu sia na David ɖo ta me be yemakɔe ayi eɖokui gbɔ le David ƒe Du la me o, eya ta ekɔe yi ɖada ɖe Obed Edom, ame si tso Git la ƒe aƒe me. 11 Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma ɣleti etɔ̃ eye Yehowa yra Obed Edom kple eƒe aƒemetɔwo katã.
12 Esi Fia David se nya sia be, “Yehowa yra Obed Edom ƒe aƒe kple nu siwo katã le esi le Mawu ƒe nubablaɖaka la ta” la, David yi ɖakɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la kple aseyetsotso. 13 Ne ame siwo kɔ nubablaɖaka la ɖe afɔ zi ade la, wotɔna, lalana eye David tsɔa nyitsu ɖeka kple alẽvi dami ɖeka saa vɔe. 14 David ɖu ɣe kple eƒe ŋusẽ katã le Yehowa ŋkume le esime wòdo awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi. 15 Ale Israel kɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va aƒee kple aseyetsotso kple kpẽkuku geɖe.
16 Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe du la me la, Mixal, Saul ƒe vinyɔnu kpɔ Fia David to fesre to wònɔ kpo tim, nɔ ɣe ɖum le Yehowa ŋkume eye Mixal ɖu fewu le David ŋu le eƒe dzime.
17 Wokɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la da ɖe agbadɔ si David tu nɛ me eye David sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa. 18 Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me 19 eye wòtsɔ abolo ɖeka, lãkɔ kple waintsetsebolo na ame sia ame le Israel ƒe ameha blibo la dome, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ale ame sia ame trɔ yi aƒe me.
20 David hã yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo. Mixal va do goe eye wògblɔ na David fewuɖutɔe be, “Israel fia la de bubu gã aɖe ŋutɔ eɖokui ŋu egbe! Eɖe eɖokui fia nyɔnuviwo le ablɔ dzi abe yakame gbɔlo aɖe ene!”
21 David ɖo eŋu be, “Yehowa, ame si tiam ɖe fofowò kple eƒe ƒome la teƒe eye wòɖom kplɔlae ɖe Israel, Yehowa ƒe amewo, nu la ŋkumee meɖu ɣe le! Eya ta mele klalo be mawɔ nu abe abunɛtɔ ene ale be maɖe nye dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa me afia. 22 Ɛ̃, melɔ̃ be magawɔ ɖokuinye abunɛtɔ gã aɖe wu esia gɔ̃ hã, ke nyɔnuvi siwo ŋu nèƒo nu le la agade bubu ŋunye wu esia.”
23 Ale Mixal tsi ko le eƒe agbemeŋkekewo katã me.