23
David ƒe nya mamlɛtɔwo
David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo:
“David, Yese ƒe vi le nu ƒom,
David, ame si Yehowa, do ɖe dzi,
David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina,
David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.
 
“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye
eye eƒe nya le nye aɖe dzi.
Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be,
‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye
le mawuvɔvɔ̃ me la,
anɔ abe ŋdikekeli ene,
ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o
si naa gbe mumu dona tso anyigba me
le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’
 
“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa?
Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa?
Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim.
Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme
eye wòana nu sia nu si nye dzi di la,
nasu asinye oa?
Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene.
Ŋuti si womefɔna kple asi o.
Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ,
ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”
David ƒe kalẽtɔwo
Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo:
Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome. 10 Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
11 Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la, 12 Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
13 Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi. 14 16 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. 15 David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.” 16 Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume, 17 hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!”
“Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”
18 Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. 19 Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
20 Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. 21 Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. 22 Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene. 23 Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
 
24 Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome:
 
Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome.
Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;
25 Sama tso Harod;
Elika tso Harod;
26 Helez tso Palti;
Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
27 Abiezer tso Anatɔt;
Sibekai tso Husat;
28 Zalmɔn si nye Ahohitɔ,
Maharai tso Netofat;
29 Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat;
Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me;
30 Benaya tso Piratɔn;
Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le;
31 Abi Albon tso Arbat;
Azmavet tso Bahurim;
32 Eliahba tso Saalbɔn;
Yasen ƒe viwo;
Yonatan;
33 Sama tso Hara,
Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar;
34 Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka;
Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;
35 Hezro tso Karmel;
Parai tso Arba;
36 Igal, Natan ƒe vi tso Zoba;
Bani tso Gad;
37 Zelek tso Amon;
Naharai tso Beerot;
Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;
38 Ira tso Yatir;
Gareb tso Yatir;
39 kple Uria, Hititɔ la.
 
Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre.