21
David bia hlɔ̃ na Gibeontɔwo
Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le David ƒe fiaɖuɣi. David do gbe ɖa na Yehowa ɖe eta eye Yehowa gblɔ na David be, “Dɔ sia to le Saul kple eƒe ƒometɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wowu Gibeontɔwo.”
Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta.
David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”
Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.”
David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”
Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la, na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.”
Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”
Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta. Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo. Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze.
10 Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o. 11 Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la, 12 eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi. 13 David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo. 14 Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu.
Israelviwo wɔ aʋa kple Filistitɔwo
15 Filistitɔwo gaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu gbe ɖeka. David kple eƒe amewo wɔ aʋa la ale gbegbe be ɖeɖi te David ŋu eye wògbɔdzɔ. 16 Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge. 17 Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”
18 Emegbe, le aʋa aɖe me kple Filistitɔwo le Gob la, Sibekai, Husatitɔ la wu Saf si tso Rafa ƒe dzidzimeviwo dome.
19 Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
20 Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la 21 ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui.
22 Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.