16
David kple Ziba
Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.
Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?”
Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”
Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?”
Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ”
Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.”
Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”
Simei ƒo fi de David
Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ. Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe!
Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi! Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”
Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”
10 Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”
11 David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ. 12 Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.”
13 Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu. 14 Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.
Husai kple Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo
15 Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu. 16 Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”
17 Absalom biae be, “Aleae nàwɔ ɖe xɔwò, David ŋue nye sia? Nu ka ta mègale egbɔ o?”
18 Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na. 19 Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.”
20 Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”
21 Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.” 22 Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume.
23 Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu.