9
Mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi si ge tso dziƒo va dze anyigba dzi la. Wotsɔ ʋe globo la ƒe safui na ɣletivi sia. Esi wòʋu nu le ʋe globo la nu la, dzudzɔ do tso eme abe abolokpo gã aɖe mee dzudzɔ le dodom le ene. Dzudzɔ gã la na be ɣe kple dziŋgɔli do viviti. Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene. Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la. Womena ŋusẽ wo be woawu wo o, ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene. Le ŋkeke mawo me la, amewo adi ku, gake womakpɔe o. Ku adzro wo vevie, gake ku asi abu ɖe wo.
Ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le abe sɔ siwo bla akpa hena aʋayiyi ene. Woɖɔ nane ɖe ta si le abe sikafiakuku ene, eye woƒe mowo ɖi amegbetɔwo tɔ. Woƒe ɖa le abe nyɔnuwo ƒe ɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo tɔ ene. Wodo akɔtakpoxɔnu siwo le abe gayibɔkɔtakpoxɔnuwo ene, eye woƒe aʋalawo ƒe hoowɔwɔ le abe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe hoowɔwɔ ne wolũ ɖe aʋa me la ene. 10 Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene, eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃. 11 Woƒe fiae nye mawudɔla si le ʋe globo la dzi kpɔm, ame si ƒe ŋkɔe nye Abadon le Hebrigbe me kple Apolion le Grikgbe me (si gɔmee nye Nugblẽla).
12 Vɔ̃ gbãtɔ nu va yi, eye vɔ̃ eve bubuwo le mɔ dzi gbɔna.
13 Mawudɔla adelia ku eƒe kpẽ la. Tete mese gbe aɖe tso sikavɔsamlekpui si nɔ Mawu ŋkume la ƒe lãdzowo gbɔ. 14 Gbe la gblɔ na mawudɔla adelia si lé kpẽ la ɖe asi la be, “Ɖe ga mawudɔla ene siwo wobla da ɖe Frat tɔsisi gã la to la.” 15 Ale woɖe ga mawudɔla ene siwo wodzra ɖo ɖi na gaƒoƒo vevi, ŋkeke vevi, dzinu vevi kple ƒe vevi sia be woayi aɖawu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. 16 Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.
17 Sɔ kple sɔdola siwo mekpɔ le nye ŋutega me la ƒe dzedzeme nɔ ale: Woƒe akɔtakpoxɔnu biã hẽe abe dzo ene; ɖewo nye blɔ, eye ɖewo hã ɖi aŋuti ɖiɖi abe sulfakpe ene. Sɔawo ƒe tawo ɖi dzatawo ƒe ta, eye dzudzɔ kple sulfakpe do tso woƒe nuwo me. 18 Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka. 19 Sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nuwo kple asiketiwo me, elabena woƒe asiketiwo le abe dawo ene, eye ta li na asiketiawo, esiwo wotsɔna dea abi amewo ŋui.
20 Amegbetɔƒomea si susɔ, ame siwo dɔvɔ̃ siawo mewu o la gbe tɔtrɔ le woƒe asiwo ƒe nu tovowo wɔwɔ me. Wogbe be yewomaɖe asi le gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ, sika, klosalo, akɔbli, kpe kple ati legba siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu loo alo zɔna o la subɔsubɔ ŋuti o. 21 Nenema ke wometrɔ le woƒe amewuwu, afakaka, ahasiwɔwɔ alo fififi yome o.