11
Ɖasefo eveawo
Wotsɔ aƒla si le abe nudzidzeti ene la nam, eye wogblɔ nam be, “Yi nàdzidze Mawu ƒe gbedoxɔ la kple vɔsamlekpui la, eye nàxlẽ mawusubɔla siwo le afi ma la. Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ. Mana ŋusẽ nye ɖasefo eveawo, eye woata akpanya agblɔ nya ɖi hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).” Esiawoe nye amiti eve kple akaɖiti eve siwo le tsitre ɖe anyigba la ƒe Aƒetɔ la ŋkume. Ne ame aɖe dze agbagba be yeawɔ nu vevi wo la, dzo dona le woƒe nu me hefiaa woƒe futɔwo. Aleae ame si di be yeawɔ nu vevi wo la akue. Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃.
Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo. Woƒe ŋutilã kukuawo amlɔ du gã la ƒe mɔtatawo dzi, du gã si wona ŋkɔe le nyamenya nu be Sodom kple Egipte, afi si woklã woƒe Aƒetɔ la ɖe ati ŋu le.
Amewo atso ƒome ɖe sia ɖe, to ɖe sia ɖe, gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me akpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye woagbe be yewomaɖi wo o. 10 Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la. 11 Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la. 12 Tete wose gbe gã aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Miva dziƒo afii.” Ale woyi dziƒo le lilikpo me, eye woƒe futɔwo da ŋku ɖe wo dzi.
13 Le gaƒoƒo ma ke me la, anyigba ʋuʋu ŋɔdzitɔe, eye du la ƒe mama ewo dometɔ ɖeka mu dze anyi; ame akpe adre (7,000) tsrɔ̃ le anyigbaʋuʋu la me. Ke ŋɔdzi lé agbetsilawo, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu dziƒoʋĩtɔ la. 14 Babadodo evelia nu va yi, ke etɔ̃lia gbɔna kpuie.
Kpẽ adrelia kuku
15 Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena,
“Xexea me ƒe fiaɖuƒe
la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe,
eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”
16 Eye amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo, ame siwo nɔ woƒe fiazikpuiwo dzi le Mawu ŋkume la tsyɔ mo anyi, eye wosubɔ Mawu, 17 le gbɔgblɔm be,
“O Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, míeda akpe na wò,
wò ame si li fifia, eye nènɔ anyi kpɔ,
elabena èxɔ wò ŋusẽ triakɔ la,
eye nèdze dziɖuɖu gɔme.
18 Dukɔwo le nyanyram,
eye wò dziku ɖiɖi va.
Ɣeyiɣi de be woadrɔ̃ ʋɔnu kukuawo,
eye woatu fe na wò dɔla,
nyagblɔɖilawo, wò ame kɔkɔeawo
kple ame siwo dea bubu wò ŋkɔ ŋuti la,
ame gblɔewo kple amegãwo siaa.
Nenema ke míeda akpe na wò be nètsrɔ̃ ame siwo tsrɔ̃ anyigba la.”
19 Emegbe la, woʋu Mawu ƒe gbedoxɔ le dziƒo, eye wokpɔ Mawu ƒe nubablaɖaka le eƒe gbedoxɔ me. Tete dzi ke dzo, dzi ɖe gbe, sokpewo ge, anyigba ʋuʋu, eye kpetsi gã aɖe dza.