32
Dukɔ siwo le Yɔdan godo
Esi Israelviwo ɖo Yazer kple Gileadnyigbawo dzi la, Ruben kple Gad ƒe towo, ame siwo si alẽha gãwo le la kpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ na lãnyinyi. Eya ta wogblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kple toawo ƒe kplɔlawo be, “Atarɔt, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon, Eleale, Sebam, Nebo kple Beon ƒe anyigba siwo Yehowa xɔ le Israelviwo ŋkume la nyo na lãnyinyi, eye lãwo le wò dɔlawo si. Ne eve mía nu la ekema míeɖe kuku tsɔ anyigba sia na mí ɖe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ teƒe.”
Mose bia wo be, “Ɖe miedi be yewoatsi afi sia ne mia nɔviwo ya natso tɔsisi la, eye woawo ɖeɖe nayi aɖawɔ aʋa kple afi ma tɔwoa? Ɖe miedi be yewoaɖe dzi le Israelviwo ƒo be womagatso tɔsisi la ayi aɖaxɔ anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do na wo oa? Nu sia tɔgbi tututu mia tɔgbiwo wɔ kpɔ! Meɖo wo ɖa be woaɖatsa ŋku le Kades Barneanyigba dzi. Esi wowu ŋkutsatsa la nu, eye wotrɔ tso Eskɔl ƒe balime gbɔ la, woɖe dzi le Israelviwo ƒo le Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi ŋu. 10 Yehowa do dɔmedzoe gbe ma gbe, eye woka atam sia be, 11 ‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o. 12 Wo dometɔ siwo ko ade Ŋugbedodonyigba la dzie nye Kaleb, Yefune, Kenizitɔ la ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu, elabena woawo dze Yehowa yome kple woƒe dzi blibo, eye wode dzi ƒo na ameawo be woayi Ŋugbedodonyigba la dzi.’ 13 Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ.
14 “Ke miawo hã, mi vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miegale nu ma tututu wɔm! Miawo miesɔ gbɔ wu woawo, eya ta Yehowa ƒe dziku ɖe miawo ŋu nu asẽ ɖe miawo dzi fifia wu ɖe woawo dzi. 15 Ne mietrɔ ɖa tso Mawu gbɔ alea la, ana ameawo naganɔ gbea dzi ɣeyiɣi didi aɖe wu, eye miahe ku vɛ na ameawo kple dzɔgbevɔ̃e va dukɔ blibo la dzi!”
16 Woɖo eŋu be, “Míawɔ nenema o, ke boŋ míatu lãkpowo na míaƒe lãwo, eye míatso duwo na mía viwo ɖe afi sia. 17 Míawo ŋutɔ míabla akpa, adze ŋgɔ na Israelvi bubuawo va se ɖe esime míakplɔ wo, woƒe asi naka woƒe domenyinu la dedie. Ke ele be míatso duwo, aɖo gli aƒo xlã wo na mía srɔ̃wo kple mía viwo gbã, ale be afi sia tɔwo maho aʋa ɖe wo ŋu o. 18 Míatsi afi sia o, va se ɖe esime Israelviwo katã ƒe asi asu woƒe domenyinu la dzi. 19 Míedi anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ o; míedi esi le tɔsisi la ƒe akpa sia, le ɣedzeƒe lɔƒo.”
20 Mose gblɔ na wo be, “Enyo; ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi, abla akpa hena aʋawɔwɔ na Yehowa, 21 eye miana miaƒe aʋawɔlawo nanɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ va se ɖe esime Yehowa nanya eƒe futɔwo ɖa la, 22 ekema ne míeɖu futɔwo dzi mlɔeba le Yehowa ŋkume la, miatrɔ ava afi sia, elabena miawu miaƒe dɔdeasiwo nu na Yehowa kple Israelvi bubuawo katã. Ekema anyigba si le tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la azu mia tɔ tso Yehowa gbɔ.
23 “Ke ne miawɔ ɖe nya si miegblɔ dzi o la, ekema miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Minya be miaƒe nu vɔ̃ ƒe tohehe ava mia dzi kokoko. 24 Mitso duwo na mia srɔ̃wo kple mia viwo, mitu lãkpowo na miaƒe lãwo, eye miwɔ nu siwo katã miegblɔ be yewoawɔ.”
25 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gblɔ be, “Míawɔ nu siwo katã nàɖo na mí be míawɔ la tututu. 26 Mía viwo kple mía srɔ̃wo, míaƒe alẽwo kple nyiwo anɔ afi sia le Gilead du la me. 27 Ke mí aʋawɔlawo katã ya la, míatso tɔsisi la ayi aɖawɔ aʋa na Yehowa abe ale si míaƒe aƒetɔ gblɔ ene.”
28 Mose lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ na nunɔla Eleazar kple Yosua kple Israelviwo ƒe towo ƒe kplɔlawo be, 29 “Ne ame siwo wotia tso Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo dome be woayi aɖawɔ aʋa na Yehowa dometɔ ɖe sia ɖe tso Yɔdan tɔsisi la kple mi la, ekema ne miexɔ anyigba la le futɔwo si la, miatsɔ Gileadnyigba ana wo. 30 Ke ne wogbe la, ekema woaxɔ anyigba le Kanaanyigba la dzi, le mi ame bubuawo dome.”
31 Gad ƒe viwo kple Ruben ƒe viwo gagblɔ be, “Míawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo dzi. 32 Míabla akpa nyuie adze Yehowa yome ayi Kanaan, ke míawo ya ƒe anyigba anɔ Yɔdan ƒe akpa sia.”
33 Ale Mose tsɔ Amoritɔwo ƒe fia, Sixɔn kple Basantɔwo ƒe fia, Ɔg, ƒe anyigbawo kple duwo katã na Gad kple Ruben ƒe dzidzimeviwo kple Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo ƒe afã.
34 Du siwo Gad ƒe viwo tso la woe nye: Dibon, Atarɔt kple Aroer, 35 Atrɔt Sofan, Yazer kple Yogbeha, 36 Bet Nimra kple Bet Haran. Woɖo gli ƒo xlã du siawo katã, eye lãkpowo nɔ wo me. 37 Du siwo Ruben ƒe viwo tso la woe nye: Hesbon, Eleale kple Kiriataim, 38 Nebo, Baal Meon kple Sibma. Emegbe la, Israelviwo trɔ ŋkɔ na du siawo dometɔ siwo woxɔ hegbugbɔ tu la.
39 Manase ƒe viŋutsu, Makir yi Gileadnyigba dzi, nya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la ɖa, eye wòxɔe. 40 Ale Mose tsɔ Gileadnyigba na Manase ƒe vi Makir eye wonɔ afi ma. 41 Manase ƒe viŋutsu, Yair ƒe dzidzimeviwo nɔ du geɖewo me le Gileadnyigba dzi. Wotrɔ ŋkɔ na woƒe nɔƒe be, Havrɔtyair, si gɔmee nye Yair ƒe duwo. 42 Le ɣe ma ɣi me la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Noba la kplɔ aʋakɔ aɖe yi Kenat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la me, eye wòxɔ wo. Etsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ na teƒe la be Noba.