23
Balaam ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ
Balaam gblɔ na Fia Balak be, “Tu vɔsamlekpui adre ɖe afi sia, eye nàdi nyitsuvi adre kple agbo adre na vɔsawo.”
Balak wɔ ɖe Balaam ƒe ɖoɖowo dzi, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.
Mawu do goe, eye Balaam gblɔ nɛ be, “Metu vɔsamlekpui adre, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpui ɖe sia ɖe dzi.” Yehowa gblɔ nya aɖe na Balaam be wòagblɔ na Fia Balak.
Esi Balaam trɔ gbɔ la, fia la kple Moab fiaviwo katã wonɔ tsitre ɖe numevɔsawo gbɔ. Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye:
“Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi,
tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be.
‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam.
Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’
Ke ame siwo Mawu meƒo fi de o la,
aleke nye ya maƒo fi ade woe?
Ame siwo gbɔ Yehowa megbe nu le o la,
aleke nye ya magbe nu le wo gbɔe?
Mele wo kpɔm tso agakpe tame.
Melé ŋku ɖe wo ŋu tso togbɛwo dzi,
wole wo ɖokui si, nye dukɔ tɔxɛ aɖe.
Si mebua eɖokui kple dukɔ bubuwo o.
10 Ame ka ate ŋu axlẽ Yakob ƒe ʋuʋudedi,
alo axlẽ Israel ƒe akpa enelia?
Na maku ame dzɔdzɔe ƒe ku,
eye nye nuwuwu nanɔ abe wo tɔ ene!”
11 Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”
12 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?”
Balaam ƒe nyagblɔɖi evelia
13 Balak gblɔ nɛ be, “Va míyi teƒe bubu. Le afi ma la, àkpɔ Israel dukɔ la ƒe akpa aɖe ko. Ƒo fi de ame mawo ɖeɖe ko nam!”
14 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Zofim gbedzi le Pisga to la tame. Etu vɔsamlekpui adre ɖe afi ma, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
15 Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”
16 Yehowa do go Balaam, eye wòde nya asi nɛ be, “Trɔ yi Balak gbɔ nàgblɔ nya sia nɛ.”
17 Balaam trɔ va afi si Moab fia kple Moab fiaviŋutsuwo le tsitre ɖe woƒe numevɔsawo gbɔ le.
Balak bia enumake be, “Nya ka Yehowa gblɔ?”
18 Balaam ɖo eŋu be,
“Balak, Tsi tsitre eye nàsee:
Ɖo tom, wò Zipɔr ƒe vi.
19 Mawu menye amegbetɔ,
aka aʋatso o.
Metrɔa eƒe tameɖoɖo.
Abe amegbetɔwo ene o.
Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ
gbe edziwɔwɔa?
20 Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam
be mayra Israelviwo.
Mawu ŋutɔ yra wo xoxo,
nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!
 
21 “Mekpɔ nu vɔ̃ le Yakob me o:
mawɔ funyafunya Israel o!
Yehowa, woƒe Mawu la li kpli wo.
Eye dzidzɔɣli le wo nu,
eyae nye woƒe fia!
22 Mawu kplɔ wo tso Egipte;
Israel sẽ abe to ene.
Fiƒode aɖeke mate ŋu anɔ Yakob dzi o,
23 dzoka maɖi Yakob ŋu o.
Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la,
maɖi wo ŋu akpɔ o,
elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be,
‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!
24 Ame siawo tsi tsitre abe dzatanɔ ene;
womamlɔ anyi o.
Va se ɖe esime woaɖu nu si wolé.
Eye woano nu si wolé la ƒe ʋu!’ ”
25 Balak blu ɖe Balaam ta be, “Ne mànya ƒo fi ade wo o ko la, ekema mègayra wo hã o!”
26 Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe nyemegblɔe na wò be nya sia nya si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la ko wòle be magblɔ oa?”
Balaam ƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia
27 Balak gagblɔ na Balaam le eƒe nyagblɔɖi etɔ̃lia ŋu be, “Makplɔ wò agayi teƒe bubu aɖee. Ɖewohĩ adze Mawu ŋu be wòana nàƒo fi ade wo tso afi ma azɔ.” 28 Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame.
29 Balaam gagblɔ na Balak be wòatu vɔsamlekpui adre, eye wòatsɔ nyitsuvi adre kple agbo adre asa vɔe. 30 Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.