18
Nunɔlawo kple Levi ƒe viwo ƒe dɔdeasiwo
Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti. Kplɔ nɔviwò, Levi ƒe viwo, tso Levi ƒe to la me vɛ be woakpe ɖe ŋuwò, ne wò kple viwò ŋutsuwo miele subɔsubɔm le agbadɔ la ŋgɔ. Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku. Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o.
“Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o. Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me. Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”
Ale si woana nu nunɔlawo kple Levi ƒe viwo
Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu. Nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye mia tɔ. Nu siwo wotsɔ vɛ abe kpɔɖeŋu ene be woame na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi koe menye mia tɔ o. Nu siawo katã nye nunana kɔkɔewo. 10 Ŋutsuwo koe aɖu wo, eye teƒe kɔkɔe aɖe ko woaɖu wo le.
11 “Nunana bubuawo katã si Israelviwo anam to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple wò ƒometɔwo, viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo siaa tɔ. Wò ƒometɔwo katã aɖu nu siawo negbe wo dometɔ si ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o la ko.
12 “Nenema ke kutsetse gbãtɔ siwo ameawo atsɔ vɛ na Yehowa abe ami, wain kple lu nyuitɔwo 13 kple nuɖuɖu ɖe sia ɖe ene la hã nye mia tɔ. Miaƒe ƒometɔwo aɖu esiawo negbe ɖeko wo ŋuti mekɔ le ɣe ma ɣi me o.
14 “Nu sia nu si le Israel, si ŋu wokɔ, ɖe ɖe aga na Yehowa la nye tɔwò. 15 Vi gbãtɔ ɖe sia ɖe, amegbetɔ kple lã siaa si wotsɔ na Yehowa la nye tɔwò. Ke ele na wò be nàƒle viŋutsuvi gbãtɔ kple lã makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒe lãtsu gbãtɔ ta. 16 Ne woxɔ ɣleti ɖeka la, ele na wò be nàƒle wo ta, eye wo taƒlegae nye klosalo gram blaade, le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu.
17 “Ke womaxe fe ɖe nyiwo, alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ta o; elabena wole kɔkɔe. Nàhlẽ woƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la dzi, eye nàtɔ dzo ami la abe dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la ene na Yehowa. 18 Lã siawo ƒe lã nye mia tɔ hekpe ɖe woƒe akɔ kple ɖusita, si wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la ŋu. 19 Ɛ̃, metsɔ nunana siwo katã Israelviwo va naa Yehowa, eye wonyena le yame la na mi. Wonye wò kple wò ƒometɔwo ƒe nuɖuɖu. Esia nye dze ƒe nubabla mavɔ le Yehowa kple wò kple wò dzidzimeviwo dome.”
20 Yehowa gblɔ na Aron be, “Mianyi woƒe anyigba ƒe dome o, eye miakpɔ gome le wo dometɔ aɖeke me o, nyee nye miaƒe gome kple miaƒe domenyinu le Israelviwo dome.
21 “Metsɔ Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia na Levi ƒe viwo abe woƒe domenyinu ene le woƒe dɔ si wowɔna le agbadɔ me la ta. 22 Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku. 23 Levi ƒe viwo koe awɔ dɔ le agbadɔ la ŋu. Woaɖi fɔ ne wogbe dɔ wɔwɔ le afi ma. Esia nye se na mi tegbetegbe be nunɔamesi aɖeke manɔ Levi ƒe vi aɖeke si le Israelnyigba dzi o, 24 elabena Israelviwo ƒe nuwo ƒe ewolia si wotsɔ na Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la anye Levi ƒe viwo tɔ. Eya ta megblɔ na wo be, ‘Domenyinu manɔ wo si le Israelviwo dome o.’ ”
25 Yehowa gblɔ na Mose be, 26 “Ƒo nu na Levi ƒe viwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne miexɔ nu ewolia si metsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene tso Israelviwo si la, ele na mi be miatsɔ nu ewolia mawo ƒe ewolia abe vɔsa na Yehowa ene. 27 Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene. 28 Ale miawo hã miana nu Yehowa tso nu ewolia siwo katã miexɔ tso Israelviwo gbɔ la me. Tso nu ewolia siawo me la, miatsɔ Yehowa ƒe ɖuƒe ana Aron, nunɔla la. 29 Ele be miatsɔ nu sia nu si wona la ƒe akpa nyuitɔ kple kɔkɔetɔ ana Yehowa abe eƒe ɖuƒe ene.’
30 “Gblɔ na Levi ƒe viwo be, ‘Ne mieɖe nyuitɔwo na adzɔe la, woabui na mi abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe lugbɔƒe alo miaƒe wainfiaƒe ene. 31 Aron kple via ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo aɖui le woƒe aƒewo me alo le teƒe ɖe sia ɖe si adze wo ŋu, elabena eyae nye woƒe fetu ɖe woƒe dɔwɔwɔ le agbadɔ la me ta. 32 Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ”