13
Ŋkutsatsa le Kanaan
Yehowa gblɔ na Mose azɔ be, “Dɔ ŋkutsalawo ɖe Kanaanyigba, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israel la dzi. Dɔ kplɔla ɖeka ɖa tso to sia to me.”
Israelviwo ƒu asaɖa anyi ɖe Paran gbedzi ɣe ma ɣi. Mose wɔ ɖe se si Yehowa de nɛ la dzi, eye wòdɔ toawo ƒe kplɔla siawo ɖa:
 
Woƒe ŋkɔwoe nye:
 
Samua, Zakur ƒe viŋutsu, tso Ruben ƒe to la me;
Safat, Hori ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me;
Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me;
Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me;
Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;
Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me;
10 Gadiel, Sodi ƒe viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me;
11 Gadi, Susi ƒe viŋutsu, tso (Yosef ƒomea me) le Manase ƒe to la me.
12 Amiel, Gemali ƒe viŋutsu, tso Dan ƒe to la me;
13 Setur, Mikael ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me;
14 Nahbi, Vofsi ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me;
15 kple Geuel, Maki ƒe viŋutsu, tso Gad ƒe to la me.
 
16 Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”
 
17 Mose dɔ wo ɖa, eye wògblɔ na wo be, “Miyi anyigba la ƒe anyigbeme lɔƒo, le Negeb ƒe tonyigba la dzi, 18 ne miakpɔ ale si anyigba la le. Mikpɔ ale si ame siwo le anyigba la dzi hã le, ne wonye ame sesẽwo alo ame benɔewo, ne wosɔ gbɔ alo womesɔ gbɔ o. 19 Milé ŋku ɖe nuwo ŋu, miakpɔ ne anyigba la nyo na agblemenukuwo loo alo menyo na wo o, ne woƒe duwo lolo loo alo wole sue, ne wotu mɔ sesẽwo ɖe wo ŋu, 20 ne anyigba la nyo alo menyo o, eye ne atiwo sɔ gbɔ le edzi loo alo womesɔ gbɔ o. Migavɔ̃ o. Mitsɔ woƒe agblemenuku, siwo miakpɔ la ƒe ɖewo vɛ.” (Wonɔ waintsetse gbãtɔwo gbem ɣe ma ɣi.)
21 Ale wotsa ŋku le anyigba la dzi tso keke Zin gbegbe la va ɖo Rehob, le Hamat gbɔ. 22 Wotso afi ma ɖo ta dzigbeme lɔƒo; woto Negeb gbã, eye woyi Hebron. Wokpɔ Ahimanitɔwo, Sesaitɔwo kple Talmaitɔwo. Ame siawo katã nye Anak, ame dzɔatsu ƒe dzidzimeviwo. (Hebron nye du xoxo aɖe. Wotsoe ƒe adre do ŋgɔ na Tanis tsotso le Egipte.) 23 Tso afi ma la, wova afi si woyɔna egbegbe be, Eskɔl ƒe Balime. Wotso waintsetse kpo ɖeka le afi sia wòlolo ale gbegbe be ame evee tsɔ ati de eme hafi te ŋu tsɔe! Wotsɔ yevuboɖa kple gbotsetse siwo wokpɔ le afi ma hã ƒe ɖewo ɖe asi. 24 Israelviwo na ŋkɔ Balime sia be, Eskɔl, si gɔmee nye “Kpo ɖeka” le waintsetse si wokpɔ le afi ma ƒe kpo ɖeka ƒe lolo ta! 25 Le ŋkeke blaene megbe la, wotrɔ gbɔ.
Ŋkutsalawo ƒe nutsotsonana
26 Wogblɔ nu si wokpɔ la na Mose, Aron kple Israelviwo katã le Paran gbedzi le Kades, eye wotsɔ kutsetse siwo wotsɔ vɛ la fia wo. 27 Wona nutsotso Mose ale, “Míede anyigba si dzi mieɖo mí ɖo be míatsa ŋku le la dzi. Enye anyigba nyui aɖe ŋutɔ, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le tsatsam le. Míetsɔ kutsetse siawo vɛ be woaɖe nya si gblɔm míele la ƒe nyateƒenyenye afia. 28 Ke afi ma tɔwo nye ŋusẽtɔwo. Woƒe duwo lolo, eye woglã wo katã. Gawu la, míekpɔ Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma! 29 Amalekitɔwo le gbegbe le dziehe gome, ke Hititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo ya le togbɛwo dzi, eye Kanaantɔwo le atsiaƒu kple Yɔdan to.”
30 Tete Kaleb tsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume, eye wògblɔ be, “Mina míayi aɖaxɔ anyigba la, elabena míate ŋui xoxoxo.”
31 Ŋkutsala bubuawo gblɔ be, “Miate ŋu aɖadze wo dzi o, elabena wosesẽ wu mi.” 32 Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo. 33 Míekpɔ Nefilimtɔwo hã le afi ma (Anak nye Nefilimtɔwo ƒe dzidzimeviwo). Míedze le woƒe ŋkume abe abɔwo ene, eye nenema kee woawo hã kpɔ míe.”