7
Aboyome siwo gbɔ la ƒe ŋkɔwo
Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la, metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo. Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu. Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me. Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
 
Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana.
 
Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale:
Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172).
Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372).
10 Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).
11 Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818).
12 Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).
13 Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845).
14 Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760).
15 Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648).
16 Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628).
17 Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322).
18 Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667).
19 Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067).
20 Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655).
21 Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98).
22 Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328).
23 Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324).
24 Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112).
25 Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95).
26 Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188).
27 Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).
28 Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42).
29 Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).
30 Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).
31 Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).
32 Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).
33 Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).
34 Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254). 35 Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).
36 Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).
37 Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721).
38 Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930).
 
39 Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:
(Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃ (973).
40 Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).
41 Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).
42 Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).
 
43 Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74).
44 Hadzilawo:
Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (148).
 
45 Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138).
 
46 Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:
Ziha, Hasufa, Tabaot,
47 Keros, Sia, Paɖɔn,
48 Lebana, Hagaba, Salmai,
49 Hanan, Gidel, Gahar,
50 Reaia, Rezin, Nekoda,
51 Gazam, Uza, Pasea,
52 Besai, Meunim, Nefuesim,
53 Bakbuk, Hakufa, Harhur,
54 Bazlut, Mehida, Harsa,
55 Barkos, Sisera, Tema,
56 Nezia kple Hatifa.
57 Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye:
Sotai, Soferet, Perida,
58 Yaala, Darkon, Gidel,
59 Sefatia, Hatil,
Pokeret Hazebaim kple Amon.
60 Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).
 
61 Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
62 Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).
 
63 Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo.
Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ.
64 Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o. 65 Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.
 
66 Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360). 67 Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. 68 Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), 69 kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720).
 
70 Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530). 71 Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250). 72 Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.
73 Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.
Ezra xlẽ Se la na ameawo
Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,