Nehemia
ƒe agbalẽ
1
Nehemia ƒe gbedodoɖa
Esiae nye Nehemia, Hakalia ƒe vi ƒe nyawo.
 
 
Le ɣleti wuievelia me, le Persia fia, Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esime menɔ Susa fiasã la me la, nɔvinye Yudatɔ aɖe si woyɔna be, Hanani kple ame aɖewo tso Yuda va be yewoakpɔm ɖa. Mebia nya tso ale si nuwo nɔ le Yerusalem la ŋu. Mebia be, “Aleke nuwo le na Yudatɔ siwo gbɔ tso aboyo me va Yerusalem?”
Woɖo eŋu be, “Nuwo menyo kura o, ame siwo gbɔ tso aboyome la, le xaxa kple ŋukpe gã aɖe me; womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi eye wotɔ dzo agboawo.”
Esi mese nya siawo la, menɔ anyi, eye mefa avi. Le nyateƒe me la, metsi nu dɔ ŋkeke geɖewo, eye mewɔ ɣeyiɣi ma ŋu dɔ hedo gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be,
“O! Aƒetɔ Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, Mawu si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe sewo dzi la nu, se nye gbedodoɖa. Wò to nenɔ te, eye wò ŋkuwo nenɔ ʋuʋu be nàse gbe si dom wò dɔla le ɖa zã kple keli le ŋkuwòme, ɖe wò dɔlawo, Israel dukɔ ta. Meʋu nu vɔ̃ siwo mí Israelviwo, nye ŋutɔ kple fofonye ƒe aƒe míewɔ ɖe ŋuwò la me. Míewɔ nu tovowo ɖe ŋutiwò, míewɔ wò sededewo, ɖoɖowo kple se siwo wò dɔla Mose de na mí la dzi o.
“Meɖe kuku, ɖo ŋku nya si nègblɔ na wò dɔla, Mose la dzi! Wòe gblɔ be: ‘Ne miewɔ nu vɔ̃ la, makaka mi ɖe dukɔwo dome, ke ne mietrɔ va gbɔnye, eye miewɔ nye seawo dzi la togbɔ be woɖe aboyo mi yi xexea me ƒe dzogoe didiƒetɔwo mee hã la, makplɔ mi tso teƒe mawo, eye makplɔ mi va teƒe si metia be wòanye nye ŋkɔ ƒe nɔƒe.’
10 “Wò dɔlawoe míenye, dukɔ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ sesẽ la ɖee lae míenye. 11 O! Aƒetɔ, meɖe kuku, se nye gbedodoɖa! Ɖo to mí, ame siwo kpɔa dzidzɔ be míade bubu ŋuwò la ƒe gbedodoɖa. Meɖe kuku, kpe ɖe ŋunye fifi laa esi mele fia la gbɔ yim be mabiae be wòana kpekpeɖeŋu tɔxɛm. Dee eƒe dzi me be wòave nunye.”
Fia la ƒe ahakulae menye.