17
Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le to la dzi
(Marko 9:2-13; Luka 9:28-36)
Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii. Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.”
Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.”
Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃. Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.”
Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ.
Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi.
10 Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?”
11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava. 12 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.”
13 Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le.
Gbedada le ŋutsuvi gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe ŋu
(Marko 9:14-29; Luka 9:37-43)
14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, 15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. 16 Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.”
17 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.” 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake.
19 Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?”
20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [ 21 Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]”
Yesu gblɔ nya tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi evelia
(Marko 9:30-32; Luka 9:43-45)
22 Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa.
Mawuxɔmenudzɔdzɔ
24 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?”
25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.”
Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?”
26 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.”
Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.”
27 Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.