15
Le asimaklɔmaklɔ ƒe kɔnu ŋuti
(Marko 7:1-23)
Farisitɔ aɖewo kple agbalẽfialawo hã tso Yerusalem va be yewoalé nya aɖewo kpɔ kple Yesu. Wobiae be, “Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe mí Yudatɔwo ƒe blemakɔnuwo dzi o ɖo? Womewɔa kɔnu si míewɔna heklɔa asi le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu hafi ɖua nu o.”
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawo hã, nu ka ta miaƒe kɔnuwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋuti ɖo? Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe Se gblɔ be, ‘Bu fofowò kple dawò; ame si tsi tsitre ɖe edzilawo ŋuti la, ku kee wòaku.’ Ke miawo miegblɔ be, ne ame aɖe gblɔ na fofoa alo dadaa be, ‘Nu si ke matsɔ akpe ɖe ŋutiwòe la, metsɔe wɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe nunanae na Mawu’ la, megahiã be wòatsɔe ade bubu fofoa ŋuti o. Ale miegbe Mawu ƒe nyadziwɔwɔ be mialé miawo ŋutɔ ƒe nuɖoanyiwo me ɖe asi. Mi alakpanuwɔlawo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti be,
“ ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo,
gake woƒe dziwo te ɖa xaa tso gbɔnye.
Viɖe aɖeke mele woƒe subɔsubɔ ŋuti o,
elabena wofiaa woawo ŋutɔ ƒe se siwo wowɔ la,
eye woɖe asi le Mawu ƒe sewo ŋuti.’ ”
10 Yesu yɔ ameha la, eye wògblɔ na wo be, “Miɖo to nya si gblɔ ge mala la, be miase egɔme nyuie. 11 Menye nu si ame ɖuna lae nana wòzua ame makɔmakɔ o, ke boŋ nu si ame buna kple nya si wògblɔna lae.”
12 Nusrɔ̃lawo va biae be, “Ènya be nya si nègblɔ la ve dɔ me na Farisitɔwo ŋutɔa?”
13 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ati sia ati si Fofonye si le dziƒo la medo o la, woahoe kple ke. 14 Miɖe asi le wo ŋuti! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo kple eve la woage ɖe do me.”
15 Petro biae be wòaɖe lododo la me na yewo.
16 Yesu bia wo be, “Ke miawo hã, miese nya sia gɔme oa? 17 Mienyae be nu si ame ɖuna la toa eƒe dɔkaviwo me, eye wòdenɛ le nugodo me oa? 18 Nya vlo doa go tso egblɔla ƒe dzi me, eye wòƒoa ɖi ame. 19 Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona. 20 Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne mèwɔ asikɔklɔ ƒe kɔnu hafi ɖu nu o la, maƒo ɖi wò o!”
Kanan nyɔnu la ƒe xɔse
(Marko 7:24-30)
21 Yesu dzo le nuto ma me, eye wòzɔ mɔ kilomita blaenyi sɔŋ yi Tiro kple Sidon nutowo me. 22 Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”
23 Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o; mekpe kpe dee hã o. Eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoe ɖe enu be nenyae wòadzo. Wogblɔ be, “Gblɔ nɛ be nedzo, elabena eƒe ɣlidodo le to me vem na mí.”
24 Yesu gblɔ na nyɔnu la be, “Ɖe Mawu dɔm be mava Israel dukɔ si le abe alẽ bubu ene la ko gbɔ.”
25 Ke nyɔnu la te ɖe eŋu kpokploe hede ta agu nɛ gaɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ve nunye ko!”
26 Yesu gblɔ nɛ be, “Menyo be maxɔ nuɖuɖu le ɖeviwo si atsɔ na avuwo o.”
27 Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Aƒetɔ, ele eme nenema, gake avuvi siwo le kplɔ̃ te la ɖua abolo wuwlui siwo gena ɖe anyigba tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.”
28 Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Yesu yɔ dɔ dɔnɔ geɖewo
29 Yesu trɔ yi Galilea ƒua nu azɔ, eye wòyi ɖanɔ togbɛ aɖe si le afi ma lɔƒo la dzi. 30 Ameha gã aɖe nye zi ɖe edzi le afi sia. Wokplɔ dɔnɔ siwo nye lãmetututɔwo, ŋkunɔwo, aɖetututɔwo, nuwɔametɔwo kple dɔ bubu ƒomevi geɖe lélawo la vɛ nɛ, eye wòyɔ dɔ wo katã. 31 Enye nukunu blibo! Aɖetututɔwo nɔ nu ƒom kple dzidzɔ, ame siwo ƒe abɔ kple atawo menyo o la gaɖo nɔnɔme nyui me, tekunɔwo alo bafawo nɔ kpo tim, nɔ yiyim, eye ŋkuagbãtɔwo nɔ nu kpɔm nyuie! Nyateƒe, ameha gã la ƒe nu ku, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.
Yesu nyi ame akpe ene
(Marko 8:1-10)
32 Azɔ Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo be, “Ame gbogbo siawo ƒe nu wɔ nublanui nam ŋutɔ. Ŋkeke etɔ̃e nye esia wole yonyeme, eye nuɖuɖu hã vɔ le wo si. Nyemedi be maɖo wo ɖe aƒe me dɔmeɣii o, elabena ŋuzi atsɔ wo le mɔa dzi.”
33 Nusrɔ̃lawo biae be, “Afi ka míakpɔ nuɖuɖu le le dzogbe afi sia ana ame gbogbo siawo?”
34 Yesu gabia wo be, “Abolo nenie susɔ ɖe mia si?”
Woɖo eŋu be, “Abolo adre kple tɔmelã vi aɖe koe susɔ.”
35 Yesu gblɔ na ameha la be woanɔ anyi ɖe anyigba. 36 Etsɔ abolo adre la kple tɔmelãwo, eye wòda akpe na Mawu ɖe wo ta. Emegbe la, eŋe wo me kakɛkakɛ, hetsɔ na nusrɔ̃lawo be woama na ameawo. 37 Wo katã woɖu nu ɖi ƒo, eye nusrɔ̃lawo ƒo ƒu abolo kakɛ siwo susɔ la ɖe kusi adre me woyɔ fũu. 38 Ame siwo ɖu nua la ƒe xexlẽme le ŋutsu akpe ene (4,000), nyɔnuwo kple ɖeviwo mele eme o. 39 Azɔ edo mɔ ameha la, eye wòge ɖe ʋu la me, tso ƒua heyi Magadan nutoa me.