Mika
ƒe agbalẽ
1
Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.
 
 
Mi dukɔwo katã miɖo to nya sia,
wò anyigba kple edzinɔlawo katã mise ɖa;
Aƒetɔ Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe me
eye wòtsɔ nya ɖe mia ŋuti!
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Samaria kple Yerusalem
Kpɔ ɖa Yehowa gbɔna tso eƒe nɔƒe!
Eɖi tso dzi eye wòzɔ to kɔkɔƒewo le anyigba dzi.
Towo lolõ ɖe eƒe afɔ te,
eye balimewo ma le eŋgɔ
abe ale si bosomi lolõnae le dzo gbɔ ene;
abe ale si tsi sina ne wòle aga ɖim ene.
Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta,
ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta.
Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea?
Ɖe menye Samariae oa?
Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo?
Ɖe menye Yerusalem ye oa?
 
“Le esiawo ta la, mana Samaria nazu aƒedo,
ale be woate ŋu ade waingble ɖe edzi gɔ̃ hã.
Malɔ eƒe kpe gbagbãwo akɔ ɖe balime
eye eƒe xɔwo ƒe agunu adze.
Woagbã eƒe legbawo gudugudu
eye woatɔ dzo nunana siwo woli kɔe ɖe eƒe trɔ̃xɔwo me.
Ale matɔ dzo eƒe legbawo katã.
Elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui
eye gboloho woagazu.”
Konyifafa kple avifafa
Le esia ta mafa avi ado ɣli;
maɖe amama azɔ afɔ ƒuƒlu.
Maxlɔ̃ abe amegaxi ene,
eye mafa konyi abe adzexe ene,
elabena Yuda ka abi makumaku.
Abi la keke va ɖo nye dukɔ ƒe agbowo nu ke,
va ɖo Yerusalem ŋutɔ gɔ̃ hã.
10 Migaɖe gbeƒãe alo afa avi le Gat o.
Ke mibliba mia ɖokuiwo ɖe
ke me le Bet Ofra.
11 Mi Safirtɔwo midzo le ŋukpe kple amamanɔnɔ me;
mi Zaanantɔwo miadzo o.
Bet Ezel le konyi fam eya
ta sitsoƒe aɖeke mele esi na mi o.
12 Marotɔwo le mɔ kpɔm vevie be ŋu nyui aɖe ava ke,
gake vevesese koe le wo lalam,
elabena gbegblẽ tso Yehowa gbɔ va
keke Yerusalem ƒe agbo nu.
13 Mi Lakistɔwo mitsi sɔwo
ɖe miaƒe tasiaɖamwo ŋu.
Wòe nye Zion nyɔnuvi ƒe nu vɔ̃ ƒe gɔmedzeƒe
elabena wokpɔ Israel ƒe nu vɔ̃wo le mewò.
14 Eya ta miaklã ɖa tso Moreset Gat gbɔ.
Akzib ƒe aƒe aflu Israel fiawo.
15 Mi ame siwo le Maresa,
makplɔ aʋakɔ aƒu mi,
woaɖu mia dzi,
ale Israel ƒe ŋutikɔkɔe ava Adulam.
16 Lũ ta kolikoli nàfa konyi
elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe.
Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene,
elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.