6
Yehowa gblɔ na Mose be, “Nenye be ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, eye ne ewɔ nu vɔ̃ siawo eye wòɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo xɔ to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe vɛ na nunɔla si le Yehowa teƒe, ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee.”
Numevɔsa
Yehowa gagblɔ na Mose be, “De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la. 10 Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. 11 Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo. 12 Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. 13 Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ”
Nuɖuvɔsa
14 “Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: ‘Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa vɔ la le Yehowa ŋkume. 15 Nunɔla la aɖe wɔ memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa tɔ ene tso nu si wotsɔ vɛ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ gã. 16 Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. 17 Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. 18 Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti kɔ koe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ ”
19 Yehowa gblɔ na Mose bena, 20 “Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. 21 Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe vɛ na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. 22 Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa tɔ ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. 23 Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.”
Nu vɔ̃ ŋuti vɔsa
24 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, 25 “Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo.
“Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. 26 Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. 27 Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ mɔ aka asi lã la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. 28 Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. 29 Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ mɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ mɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. 30 Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume.