3
Mawu ƒe lɔlɔ̃ si li tegbee
Nyee nye ŋutsu si kpe fu le eƒe dziku ƒe ameƒoti te.
Enyam ɖe nu eye wòna mezɔ viviti me,
menye kekeli me o;
Vavã etrɔ eƒe asiwo ɖe ŋutinye atraɖii
le ŋkeke blibo la me.
Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo
eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.
Eva dze dzinye eye wòtsɔ veve helĩhelĩ
kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye.
Ena menɔ viviti me
abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.
Etɔ kpɔ ƒo xlãm ale be nyemate ŋu asi o,
eɖom anyi kple gakɔsɔkɔsɔ.
Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la,
edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.
Etsɔ kpe gãwo xe mɔ me nam
eye wòglɔ̃ nye mɔwo.
10 Abe sisiblisi si de xa ɖi
kple dzata si le adeklo dzi ene la,
11 ehem ɖa le mɔ me eye wòvuvum,
hegblẽm ɖi kpeɖeŋutɔmanɔsitɔe.
12 Evu eƒe da me eye wòdzidze
eƒe dati ɖe dzinye.
13 Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi.
14 Mezu nu ɖikokoe le nye amewo katã dome,
woɖua fewu le ŋunye to hadzidzi me ŋkeke blibo la katã.
15 Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam
eye wòkpe veve nam meno.
16 Etsɔ kpe ŋe aɖu nam
eye wòfanyam ɖe kewɔ me.
17 Woxɔ ŋutifafa le asinye,
meŋlɔ nu si dzɔgbenyui nye la be.
18 Eya ta megblɔ be,
“Nye atsyɔ̃nu yi eye nu siwo katã
mele mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ la hã nu va yi.”
19 Meɖo ŋku nye hiã, tsaglalãtsatsa,
dzigbagbã kple vevesese dzi.
20 Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie
eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.
21 Ke esia dzi meɖo ŋkue
eye mɔkpɔkpɔ ɖo asinye:
22 Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ta wometsrɔ̃ mí o
elabena eƒe nublanuikpɔkpɔ mevɔna o.
23 Wozua yeye ŋdi sia ŋdi,
wò nuteƒewɔwɔ lolo ŋutɔ.
24 Megblɔ na ɖokuinye be,
“Yehowae nye nye gomekpɔkpɔ,
eya ta manɔ esinu kpɔm.”
25 Yehowa ƒe dɔ me nyo na ame siwo tsɔ
woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi,
kple ame siwo dinɛ vevie.
26 Enyo be woalala le ɖoɖoezizi me
na Yehowa ƒe ɖeɖe.
27 Enyo na ame be wòatsɔ kɔkuti le ɖekakpuime.
28 Nenɔ anyi le ɖoɖoezizi me
elabena Yehowae tsɔ kɔkuti la da ɖe edzi.
29 Netsɔ eƒe mo ƒo ɖe ke me,
ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.
30 Neɖo to me anyi na ame si le eƒo ge
eye ŋukpe neyɔe fũu.
31 Elabena Aƒetɔ la metsɔa ame ƒua gbe ɖikaa o
32 Togbɔ be ehea nuxaxa vɛ hã la,
egakpɔa nublanui na ame,
eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina gbeɖe o la de to ŋutɔ.
33 Elabena mehea fukpekpe kple nuxaxa vaa amegbetɔviwo dzi ɖe dzidzɔ teƒe o.
34 Woafanya anyigbadzigamenɔlawo katã kple afɔ.
35 Ne woagbe nu si nye ame tɔ la
tsɔtsɔ nɛ le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,
36 eye wotrɔ gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya;
ɖe Aƒetɔ la makpɔ esiawo oa?
37 Ame ka aƒo nu eye wòava eme,
ne menye Aƒetɔ lae ɖe gbe o?
38 Ɖe menye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nu mee dzɔgbevɔ̃enyawo
kple dzidzɔnyawo siaa doa go tsona oa?
39 Nu ka ta amegbetɔ ahe nya ne
wohe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta?
40 Mina míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu ne míado wo akpɔ
eye mina míatrɔ ɖe Yehowa ŋu.
41 Mina míado míaƒe dziwo
kple asiwo ɖe Mawu gbɔ le dziƒo ahagblɔ bena:
42 “Míewɔ nu vɔ̃ hedze aglã
eye mètsɔe ke mi o.
 
43 “Ètsɔ dziku tsyɔ ɖokuiwò dzi
eye nèti mía yome hewu mí nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
44 Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be,
gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.
45 Ètsɔ mí wɔ ŋunyɔnu
kple gbeɖuɖɔe le dukɔwo dome.
 
46 “Míaƒe futɔwo katã ke nu baa ɖe mía ŋuti.
47 Ŋɔdzi lé mí; míedze ʋe me eye tsɔtsrɔ̃
kple gbegblẽ va mía dzi.”
48 Nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo
elabena wotsrɔ̃ nye amewo.
49 Nye ŋkuwo le aɖatsi fam ɖaa,
enu gbe tsotso,
50 va se ɖe esime Yehowa aɖo ŋku anyi tso dziƒo akpɔe.
51 Nu si mekpɔ la na nye luʋɔ xa nu
ɖe nyɔnu siwo katã le nye dua me la ta.
52 Ame siwo nye nye futɔwo madzemadzee la
ɖem ɖe nu abe xevi ene.
53 Wodze agbagba be woatso nye agbe nu
le vudo me eye wofɔ kpe ƒum.
54 Tsi fie le tanye eye mesusu be evɔ nam.
55 O Yehowa, wò ŋkɔe meyɔ le vudoa ƒe gogloƒe ke.
56 Èse nye kukuɖeɖe be,
“Mègado toku nye ɣlidodo
eye nàgbe akɔfafa nam o.”
57 Ète va gbɔnye esi meyɔ wò eye nègblɔ be,
“Mègavɔ̃ o.”
58 O, Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ
eye nèɖe nye agbe.
59 Wò ŋutɔ èkpɔ, O Yehowa,
vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋutinye.
Na nye nya nadzɔ!
60 Èkpɔ woƒe hlɔ̃biabia ƒe kpekpeme
kple nugbe siwo woɖo ɖe ŋunye.
61 O Yehowa, èse woƒe dzudzuwo
kple nu siwo katã woɖo ɖe ŋunye
62 kple nye futɔwo ƒe dalĩdodo
kple nuƒoƒo le ŋunye ŋkeke blibo la.
63 Nye kɔ nàkpɔ wo ɖa!
Wole anyinɔƒe o, wole tsitrenu o,
woɖua fewu le ŋunye le woƒe hadzidziwo me.
64 O Yehowa, xe fe si dze wo la na wo,
ɖe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.
65 Tsɔ nutsyɔnu tsyɔ woƒe dziwo dzi
eye nàna be wò fiƒode nanɔ wo dzi!
66 Ti wo yome kple dziku
eye nàtsrɔ̃ wo le Yehowa ƒe dziƒo te.