24
Yesu ƒe tsitretsitsi
(Mateo 28:1-10; Marko 16:1-8; Yohanes 20:1-10)
Le kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdi kanya la, nyɔnuawo tsɔ ami ʋeʋĩawo ɖe asi heva yɔdoa to, gake wokpɔe be womli kpe gã si wotsɔ tu yɔdoa nui la ɖa. Woge ɖe yɔdoa me, gake womekpɔ Aƒetɔ Yesu ƒe kukua o. Nu sia wɔ moya na wo ŋutɔ eya ta wonɔ tsitre ɖe yɔdoa to henɔ ta me bum le nu si dzɔ ŋu, kasia ame eve siwo do awu ɣi siwo nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe wo dome. Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome? Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be: ‘Ele be woade Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo, woaklãe ɖe ati ŋuti, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòatsi tsitre.’ ” Nyɔnuawo ɖo ŋku eƒe nyawo dzi.
Esime wogbɔ tso yɔdo la gbɔ la, woka nu siawo katã ta na ame wuiɖekɛawo kple ame bubuawo katã. 10 Ke ame siwo gblɔ nu siawo na Apostoloawo la, woawoe nye Maria Magdalatɔ, Yohana kple Maria Yakobo dada kple nyɔnu bubu geɖewo. 11 Esi nusrɔ̃lawo se nyɔnuawo ƒe nyawo la, ɖeko wòɖi glitoto le woƒe towo me. 12 Ke Petro ʋu du yi yɔdoa to be yeakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ebɔbɔ do mo ɖe yɔdoa me, gake ameɖivɔ la ko wòkpɔ le anyigba. Ale wòtrɔ yi aƒe me henɔ nu si dzɔ la ŋuti bum vevie.
Le Emaus mɔ dzi
(Marko 16:12-13)
13 Le gbe ma gbe ke la, Yesu yomenɔla eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si woyɔna be Emaus la me. Kɔƒe sia didi tso Yerusalem gbɔ abe kilomita wuiɖekɛ ene. 14 Wonɔ dze ɖom kple wo nɔewo tso nu siwo katã va dzɔ la ŋuti. 15 Esi wonɔ dzea ɖom nɔ nu siawo me dzrom kple wo nɔewo la, Yesu ŋutɔ va tu wo, eye wòde asi zɔzɔme kpli wo. 16 Gake womekpɔe dze si o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe ŋkuwo dzi.
17 Yesu bia wo be, “Nya ka me dzrom miele vevie alea? Edze nam ƒãa be nya siwo me dzrom miele la nye nya gã aɖe ŋutɔ si dzɔ.”
Mɔzɔla eveawo nɔ tsitre, eye wodzudzɔ nuƒoƒo. Blanui lé wo ŋutɔ. 18 Ke wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Kleopa la ɖo Yesu ƒe biabia ŋu be, “Ɖewohĩ wò ɖeka koe nye ame le Yerusalem si mese nya dziŋɔ si dzɔ le Kɔsiɖa si va yi me la o.”
19 Yesu gabiae be, “Nya kae dzɔ?”
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Nya siwo dzɔ ɖe Yesu, ŋutsu si tso Nazaret dzi lae mewɔnɛ. Ŋutsu sia nye nyagblɔɖila xɔŋkɔ aɖe si wɔ nu wɔnukuwo eye wòganye nufiala deŋgɔ aɖe si tɔgbi mebɔ o. Le nyateƒe me la, ede ŋgɔ ŋutɔ le Mawu kple amegbetɔwo siaa ŋkume. 20 Ke nu kae va dzɔ, nunɔlagãwo kple míaƒe agbalẽfialawo lée hetsɔ de asi na Roma dziɖuɖua be woatso kufia nɛ. Ale Roma dziɖuɖua tso kufia nɛ, eye woklãe ɖe ati ŋu. 21 Míawo ya míenɔ bubum be eyae nye Kristo ŋusẽtɔ si va Israel dukɔa ɖe ge tso kluvinyenye me hafi. Nu siawo katã dzɔ ŋkeke etɔ̃e nye esi va yi. 22 Hekpe ɖe esia ŋuti la, míaƒe nyɔnuawo dometɔ aɖewo do voɖi na mí. Woyi yɔdoa to fɔŋli sia 23 gake womekpɔ eƒe ŋutilã kukua o. Wotrɔ gbɔ va gblɔ na mí be yewokpɔ ŋutega, eye yewokpɔ mawudɔlawo le ŋutega la me wogblɔ na yewo be ele agbe. 24 Mía tɔ aɖewo ƒu du yi yɔdoa to enumake, ke woawo hã kpɔ be yɔdoa le ƒuƒlu vavã abe ale si ame gbãtɔwo gblɔe ene.”
25 Yesu gblɔ na wo be, “Mi ame manyanuwo! Esesẽna na mi be miaxɔ nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi la dzi ase! 26 Alo mele na Kristo be wòakpe fu siawo katã hafi age ɖe eƒe ŋutikɔkɔe la me o mahã?” 27 Ale Yesu gblɔ Mawunya geɖewo na wo tso Mose dzi va se ɖe Nyagblɔɖila bubuawo katã dzi, eye wòɖe akpa siwo ku ɖe eya ŋutɔ ŋu la me na wo.
28 Le ɣeyiɣi sia me la, wogogo Emaus, kɔƒe si me woyina la. Yesu wɔ abe ɖe wòle eme tsom ene, eya ta 29 woɖe kuku nɛ be wòatsi yewo gbɔ adɔ ŋu nake, elabena zã do vɔ keŋ. Ale Yesu lɔ̃, eye wòyi woƒe aƒe me.
30 Esi wonɔ anyi be yewoaɖu nu la, eyra ɖe nuɖuɖua dzi, eye wòtsɔ abolo, ŋe eme hetsɔe na wo. 31 Kasia, woƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔe dze sii be eyae nye Yesu, eye enumake wòbu le wo gbɔ. 32 Ame eveawo de asi gbɔgblɔ me be, “Mèkpɔe be míaƒe dziwo lé dzo ŋutɔ le esime wònɔ mawunya la me ɖem na mí le mɔa dzi oa?”
33 Enumake wogatso dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi woɖo afi ma la, wokpɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo kple Yesu yomedzela bubuwo. 34 Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!” 35 Ŋutsu eve siwo tso Emaus la hã gblɔ ale si wodo go Yesu le Emaus mɔ dzi eye wòzɔ kpli wo va ɖo Emaus kple ale si wokpɔe dze sii to aboloŋeŋe me na wo.
Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo
(Mateo 28:16-20; Marko 16:14-18; Yohanes 20:19-23)
36 Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
37 Dzika tso ameawo katã ƒo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ, elabena wobu be ŋɔli kpɔm yewole. 38 Yesu bia wo be, “Nu ka ta miele vɔvɔ̃m ɖo? Nu ka tae miele ɖi kem le miaƒe dziwo me, be nyee le mia dome? 39 Milé ŋku ɖe nye asiwo kple afɔwo ŋu nyuie! Miva lém kpɔ, eye miakpɔe kɔtɛe be menye ŋɔlie menye o! Elabena ŋɔliwo la, ŋutilã menɔa wo ŋu abe ale si mele ene o.”
40 Esi wònɔ nua ƒom la, etsɔ eƒe asiwo do ɖe wo gbɔ be woakpɔ abi siwo gatagbadzɛwo de eŋu le eƒe asiƒome kple afɔƒome la ɖa. 41 Ke ame aɖeke mete ŋu te ɖe eŋu o, elabena dzidzɔ kple ɖikeke yɔ wo me fũu. Le esia ta la, ebia wo be, “Nuɖuɖu aɖe le mia si le afi sia?” 42 Wotsɔ lã meme kakɛ aɖe nɛ, eye esi wònɔ 43 eɖum la, wonɔ ekpɔm!
44 Yesu gblɔ na wo be, “Esi menɔ anyi kpli mi le ŋkeke siwo va yi me ɖe, nyemegblɔe na mi be nu siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la kple Nyagblɔɖilawo kple Psalmowo me tso ŋunye la ava eme oa?”
45 Ale wòʋu woƒe susuwo be woase mawunya siawo katã gɔme. 46 Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome. 47 Eye ele be woaɖe gbeƒã dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔke le eƒe ŋkɔa dzi na dukɔwo katã, eye woadze egɔme tso Yerusalem. 48 Miawoe nye ɖasefowo na nu siawo katã. 49 Azɔ nye la, madɔ nu si ƒe ŋugbe Fofonye do na mi la ɖe mia dzi. Ke minɔ Yerusalem afii va se ɖe esime woatsɔ ŋusẽ si atso dziƒo la akɔ ɖe mia dzi.”
Yesu ƒe dziƒoyiyi
(Marko 16:19-20)
50 Yesu kplɔ nusrɔ̃lawo do go va se ɖe Betania, eye wòkɔ eƒe asiwo dzi heyra wo. 51 Esi wònɔ wo yram la, wokɔe le nusrɔ̃lawo gbɔ heyi dziƒoe. 52 Le esime wòdzo yina la, nusrɔ̃lawo dze klo, eye wosubɔe. Emegbe wotrɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 53 Wonɔ Yerusalem gbedoxɔ la me gbe sia gbe henɔ Mawu kafum.