19
Yesu dze nudzɔla Zaxeo gbɔ
Yesu ge ɖe Yeriko du la me, eye wòzɔ to dua me. Ŋutsu aɖe nɔ dua me, ame si ŋkɔe nye Zaxeo. Enye nudzɔlawo ƒe amegã, eye wònye kesinɔtɔ hã. Ame sia di be yeakpɔ Yesu, gake mete ŋui o, esi wònye ame kpui ta eye amehawo hã ƒo xlãe. Le esia ta eƒu du dze wo ŋgɔ, yi ɖalia ati kɔkɔ aɖe si le mɔa to, be yeakpɔe tso afi ma.
Esi Yesu va ɖo atia te la, ewu mo dzi kpɔ Zaxeo le atia me. Eyɔ eŋkɔ be, “Zaxeo, ɖi kaba! Elabena madze aƒewò me egbe.”
Zaxeo ɖi le atia dzi kaba eye wòxɔ Yesu kple dzidzɔ. Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.”
Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”
Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye. 10 Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”
Lododo le sikaga ewoawo ŋuti
(Mateo 25:14-30)
11 Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be, 12 “Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13 Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’
14 “Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’
15 “Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.
16 “Ame gbãtɔ va do, eye wògblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nènam la mekpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi.’
17 “Fia la kafui gblɔ be, ‘Èdze agbagba, wò dɔla nyui! Esi nèɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la, matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’
18 “Ame evelia hã va do be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam la mekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe edzi.’ 19 Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’
20 “Ame bubu va hegblɔ be, ‘Aƒetɔ, ga home si nètsɔ nam lae nye esi. Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21 elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’
22 “Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔ̃ɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23 nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’
24 “Etrɔ ɖe ame mamlɛ siwo le tsitre la gbɔ, eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’
25 “Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’
26 “Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi, eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. 27 Azɔ le nye futɔ siwo tsi tsitre ɖe ŋunye, eye womedi be maɖu fia ɖe yewo dzi o la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’ ”
Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene
(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Yohanes 12:12-19)
28 Esi Yesu wu lo sia dodo nu la, edze nusrɔ̃lawo ŋgɔ ɖo ta Yerusalem. 29 Esi wova ɖo Betfage kple Betania, du siwo le Amito dzi me la, edɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woadze ŋgɔ ayi kɔƒe si le wo ŋgɔ la me. 30 Ebe ne woge ɖe kɔƒea me la, woatsa ŋku na tedzi aɖe si wode kae la. Enye tedzivi si ame aɖeke medo kpɔ o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Ne miekpɔe la, mitu kae ne miakplɔe va afii. 31 Eye ne ame aɖe bia mi be, ‘Nu ka ta miele ka tumii ɖo?’ miegblɔ ko be, ‘Aƒetɔ la hiãe.’ ”
32 Wokpɔ tedzivi la abe ale si Yesu gblɔe ene, 33 eye esi wonɔ ka tumii la, nutɔwo va wo gbɔ va bia wo be, “Nu kae nye ema wɔm miele? Nu ka ta miele ka tum míaƒe tedzivia ɖo?”
34 Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu na wo dzaa be, “Aƒetɔ la hiãe.” 35 Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu, eye woɖo woƒe avɔwo ɖe edzi eye wokɔ Yesu ɖo edzi.
36 Esi wònɔ yiyim la, amewo tsɔ woƒe avɔwo keke ɖe mɔƒome nɛ. 37 Azɔ esi wògogo teƒe si woɖia Amito la ƒe aga le la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la de asi Mawu kafukafu me kple gbe sesĩe le nukunu siwo wokpɔ la ta, 38 gblɔ be,
“Woayra fia si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa me!”
 
“Ŋutifafa le dziƒo, eye ŋutikɔkɔe le dziƒo ʋĩi!”
39 Gake Farisitɔ aɖewo siwo nɔ ameawo dome la gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, gbe nya na wò nusrɔ̃lawo ne woadzudzɔ nya siawo gbɔgblɔ!”
40 Eɖo eŋu na wo be, “Nenye be ameawo zi ɖoɖoe hã la, kpewo atso aseye.”
Yesu fa avi ɖe Yerusalem ŋu
41 Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu, 42 eye wògblɔ be, “Wò hã, ɖe nànya nu si na ŋutifafa wò le ŋkeke sia me hafi, ke eɣla ɖe wò ŋkuwo fifia. 43 Elabena ŋkeke aɖe gbɔna, eye wò futɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, axaxa wò le goawo katã dzi, 44 eye woaxlã wò kple viwò siwo le mewò la ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, elabena ègbe mɔnukpɔkpɔ si Mawu na wò be nàdzudzɔ nu vɔ̃ la.”
Yesu nya nudzralawo le gbedoxɔ me
(Mateo 21:12-17; Marko 11:15-19; Yohanes 2:13-22)
45 Azɔ Yesu ge ɖe gbedoxɔ la me, eye wòde asi asiƒlelawo nyanya me. 46 Egblɔ na wo be, “Woŋlɔ ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ la anye gbedoɖaƒe’; gake miawo la, mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”
47 Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. 48 Ke womekpɔ mɔ si dzi woato o, elabena ame sia ame kloe lɔ̃e vevie, eye eƒe nyawo sɔ to me na wo ŋutɔ.