9
Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo
Esi fia Solomo wu gbedoxɔ la kple fiasã la kple xɔ bubu siwo wòɖo be yeatu nu la, Yehowa gaɖe eɖokui fiae zi evelia abe ale si wòɖe eɖokui fiae zi gbãtɔ le Gibeon ene. Yehowa gblɔ nɛ be,
“Mese wò gbedodoɖa kple wò kokoƒoƒowo; mekɔ gbedoxɔ si nètu la ŋu to nye ŋkɔ dada ɖe edzi me tegbetegbe. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.
“Ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware kple dzimekɔkɔ kpakple dzɔdzɔenyenye abe fofowò David ene, eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema mana wò fiaɖuƒe nali ke tegbee abe ale si medo ŋugbe na fofowò, David ene esi megblɔ nɛ be, ‘Viwòwo dometɔ ɖeka anɔ Israel ƒe fiazikpui dzi ɣe sia ɣi!’
“Ke ne wò alo viwòwo miede megbe le ŋunye, eye miewɔ nye seawo kple ɖoɖo siwo mede asi na mi dzi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema makplɔ Israel dukɔ la adzoe le anyigba si metsɔ na wo la dzi. Maɖe wo le gbedoxɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la me eye manya wo le nye ŋkuta. Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku eye wòaɖu fewu agblɔ be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’ Eye ŋuɖoɖo la anye, ‘Elabena woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe. Nu sia tae Yehowa he dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo.’ ”
Salomo ƒe wɔna bubuawo
10 Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu xɔ eve siawo: gbedoxɔ la kple eƒe fiasã la vɔ la, 11 Fia Solomo tsɔ du blaeve le Galilea na Hiram, Tiro fia elabena Hiram tsɔ sedatiwo kple sesewutiwo kple sika siwo katã wohiã la nɛ. 12 Ke esi Hiram tso Tiro yi ɖakpɔ du siwo Solomo tsɔ nɛ la, duawo medze eŋu o. 13 Ebia Fia Solomo be, “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nènam? Etsɔ ŋkɔ na duawo be ‘Kabul’ si gɔmee nye, ‘Menyo na naneke o.’ ” 14 Fia Hiram ɖo sika si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe ene alafa etɔ̃ la ɖe fia la.
15 Fia Solomo zi amewo dzi wotu gbedoxɔ, fiasã, Milo mɔ, Yerusalem ƒe gliwo kple Hazor, Megido kple Gezer duwo katã. 16 Gezer nye du si Egipte fia xɔ, tɔ dzoe eye wòwu Israelvi siwo katã nɔ eme. Emegbe la, etsɔ du sia na via nyɔnu si nye Fia Solomo srɔ̃wo dometɔ ɖeka la, abe srɔ̃ɖenunana ene. 17 Solomo gbugbɔ Gezer kple Bet Horon anyigbetɔ, 18 Baalat kple Tadmɔ siwo nye gbegbe le eƒe anyigba dzi la tu. 19 Egatu du bubuwo, ɖewo nye nuɖuɖudzraɖoƒewo eye bubuwo nye tasiaɖamwo ƒe du, sɔdolawo ƒe du, hekpe ɖe xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo la.
20 Ame siwo katã susɔ tso Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o). 21 Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene. 22 Solomo metsɔ Israelviwo wɔ kluviwo o, ke boŋ wozu asrafowo, dɔnunɔlawo, asrafomegãwo, aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo hã. 23 Israelvi alafa atɔ̃ blaatɔ̃ nye ame siwo nye dzizizidɔwɔlawo dzi kpɔlawo.
24 Fia Solomo ɖe Farao ƒe vinyɔnu tso David ƒe du ƒe afi si nye Yerusalem ƒe akpa xoxotɔ la me yi xɔ yeye si wòtu nɛ le fiasã me la me. Emegbe la, etu Milo mɔ la hã.
25 Esi wowu gbedoxɔ la tutu nu la, Solomo sa numevɔ kple akpedavɔ zi etɔ̃ ƒe sia ƒe le vɔsamlekpui si wòtu na Yehowa la dzi eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ hã le edzi le Yehowa ŋkume.
26 Fia Solomo na wokpa tɔdziʋuwo hã ɖe Ezion Geber si le Elat gbɔ le Ƒu Dzĩ la ta le Edomnyigba dzi. 27 Hiram ɖo eƒe ame siwo nye ƒudzidɔwɔlawo eye wonya nu tso atsiaƒu ŋu nyuie la ɖa be woawɔ dɔ kple Solomo ƒe amewo le tɔdziʋuawo me. 28 Wode Ofir eye wotsɔ sika kilogram akpe wuiatɔ̃ alafa ɖeka blaeve vɛ na Fia Solomo.