4
Salomo ƒe dɔnunɔlawo
Ale Fia Solomo ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.
 
Eƒe dumegãwoe nye:
 
Azaria, Zadok ƒe vi nye nunɔla;
Elihoref kple Ahiya, Sisa ƒe viwo nye nuŋlɔlawo;
Yehosafat, Ahilud ƒe vi nye ame si ŋlɔa takpekpemenyawo dana ɖi eye wòkpɔa nu xoxowo dzi;
Benaya, Yehoiada ƒe vi nye aʋafia na dukɔ la;
Zadok kple Abiata nye nunɔlawo.
Azaria, Natan ƒe vi nye dukɔ la ƒe dɔnunɔlawo ƒe tatɔ;
Zabud, Natan ƒe vi nye nunɔla na Fia la ŋutɔ eye wòganye Fia la xɔlɔ̃ tɔxɛ;
Ahisa kpɔa fiasã la ƒe nuwo dzi kple fiasã la me nyawo gbɔ;
Adoniram, Abda ƒe vi kpɔa dudɔwɔwɔwo dzi.
 
Solomo gatia dzikpɔla wuieve ɖe Israel blibo la nu, ame ɖeka tso to ɖeka me, ame siwo ƒe dɔe nye be woadi nuɖuɖu na fiasã la me. Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa dɔ sia ɣleti ɖeka le ƒe sia ƒe me.
 
Ame wuieve siawo kple teƒe siwo wodzɔa nuɖuɖu le la woe nye esiawo:
 
Ben Hur dzɔa nu le Efraim ƒe tonyigba ŋu;
Ben Deker dzɔa nu le Makaz, Saalbim, Bet Semes kple Elon Betanan;
10 Ben Hesed dzɔa nu le Arubɔt kple Soko kple Hefernyigba blibo la dzi;
11 Ben Abinadab, ame si ɖe Solomo ƒe vinyɔnu, Tafat la dzɔa nu le Dor ƒe tonyigbawo dzi;
12 Bana, Ahilud ƒe vi dzɔa nu le Taanak, Megido, Bet Sean dzɔa nu le Zaretan gbɔ le Yezreel te kple anyigba si tso Betsan yi Abel Mehola heyi Yokmeam la dzi;
13 Ben Geber dzɔa nu le Ramot Gilead kple Yair, Manase ƒe vi ƒe kɔƒe, le Gilead kple Argob nutowo me le Basan kple du blaade siwo woɖo gli ƒo xlãe eye wode akɔbligbowo wo nu la me.
14 Ahinadab, Ido ƒe vi dzɔa nu le Mahanaim;
15 Ahimaaz, ame si ɖe Basemat, Solomo ƒe vinyɔnu bubu la dzɔa nu le Naftali;
16 Bana, Husai ƒe vi, dzɔa nu le Aser kple Alɔt;
17 Yehosafat, Pania ƒe vi dzɔa nu le Isaka;
18 Simei, Ela ƒe vi dzɔa nu le Benyamin;
19 Geber, Uri ƒe vi dzɔa nu le Gilead kple anyigba siwo nye Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia kple Fia Ɔg, Basan fia tɔ tsã la dzi. Dɔdzikpɔla ɖeka kpɔa ame siawo kple woƒe dɔwo dzi.
Gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu le Salomo ƒe fiasã me
20 Israel kple Yuda nye dukɔ si kpɔ kesinɔnu geɖe; woƒe amewo sɔ gbɔ eye dzidzeme nɔ anyigba la dzi. 21 Fia Solomo ɖu anyigba blibo la dzi tso Frat tɔsisi la to va yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi va tɔ Egiptetɔwo ƒe liƒo. Dukɔ siwo dzi wòɖu la, dzɔ nu nɛ eye wosubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
22 Nuɖuɖu si Solomo hiã le fiasã la me gbe sia gbe woe nye wɔ memi kilolita ade kple afã, wɔ bubu, kilolita wuietɔ̃ kple afã, 23 nyitsu dami ewo siwo wonyi le nyikpo me, nyi blaeve siwo wonyi le gbeɖuƒewo, alẽ alafa ɖeka eye ɣe aɖewo ɣi la, wowɔa sẽ, zi, sãde kple xevi damiwo ŋu dɔ. 24 Fiaɖuƒe siwo katã nɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, tso Tifsa yi Gaza la nɔ Fia Solomo ƒe fiaɖuƒe me eye ŋutifafa nɔ anyigba blibo la dzi. 25 Le Fia Solomo ƒe agbenɔɣi blibo la me la, ŋutifafa kple dedinɔnɔ nɔ Yuda kple Israel siaa eye aƒe kple agble nɔ ƒome ɖe sia ɖe si.
26 Tasiaɖamŋusɔ akpe ene (4,000), siwo wowɔ nɔƒe na, kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Fia Solomo si.
27 Nuɖuɖudzikpɔla siawo dzɔa nuɖuɖu na Solomo kple eŋumewo ɣleti sia ɣleti 28 eye wonaa ƒo kple aƒla fia la ƒe sɔwo hã.
Fia Salomo ƒe nunya
29 Mawu na nunya blibo kple gɔmesese deto Solomo le mɔ geɖewo nu. 30 Eƒe nunya de ŋgɔ wu nunyala gã siwo tso Ɣedzeƒe kple esiwo tso Egipte la tɔwo. 31 Enya nu wu Etan, Ezrahitɔ la kple Heman, Kalkol kple Darda, ame siwo nye Mahol ƒe viwo. Exɔ ŋkɔ le dukɔ siwo ƒo xlãe la me. 32 Eto lododo akpe etɔ̃ vɛ eye wòkpa ha akpe ɖeka kple atɔ̃. 33 Enya nu tso nu gbagbewo abe lãwo, xewo, dawo kple tɔmelãwo ene ŋu. Eganya nu tso atiwo hã ŋu, tso Lebanon ƒe sedati gãwo dzi va se ɖe kakle siwo tsina le gli dzedzewo me la ŋuti. 34 Fiawo dɔa amewo tso anyigba geɖewo dzi ɖona ɖe egbɔ be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ.