19
Eliya si yi Horeb
Azɔ la, Ahab gblɔ nu siwo katã Eliya wɔ, ale si wòwu nyagblɔɖilawo katã kple yi la na Yezebel eya ta Yezebel ɖo dɔlawo ɖe Eliya be woagblɔ nɛ be, “Mawuawo nefiam ne woagafiam ɖe edzi nenye be etsɔ woaleawoɣi la, nyemewɔ wò agbe abe wo dometɔ ɖeka tɔ ene o.”
Ale Eliya si, le eƒe agbe ta heyi Beerseba si nye du aɖe le Yuda. Egblẽ eƒe subɔla ɖe afi ma. Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, “Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o.”
Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.
Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, “Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò.” Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi. Eliya ge ɖe agado aɖe me eye wòtsi afi ma dɔ.
Yehowa ɖe eɖokui fia Eliya
Yehowa ƒe gbe va nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
10 Eɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ. Wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
11 Yehowa gblɔ nɛ be, “Do go, natsi tsitre ɖe to la dzi le Yehowa ŋkume elabena Yehowa ava tso eme ayi.”
Tete yaƒoƒo sesẽ aɖe kaka toawo, gbã agakpeawo le Yehowa ŋkume gake Yehowa menɔ yaƒoƒo sesẽ la me o. Anyigbaʋuʋu kplɔ yaƒoƒo sesẽ la ɖo, gake Yehowa menɔ anyigbaʋuʋu la me o 12 Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo. 13 Esi Eliya se gbe bɔlɔe la la, ehe eƒe awu ʋlaya tsyɔ mo eye wòdo ɖe gota ɖatsi tsitre ɖe agado la ƒe mɔnu.
Tete gbe aɖe gblɔ nɛ be, “Eliya, nu ka wɔm nèle le afi sia?”
14 Eliya ɖo eŋu be, “Meʋã ŋu ɖe Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nu. Israelviwo gbe nu le wò nubabla la gbɔ, wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi eye wowu wò nyagblɔɖilawo kple yi. Nye ɖeka koe susɔ eye azɔ la, wole didim be yewoawu nye hã.”
15 Yehowa gblɔ nɛ be, “Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi. 16 Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe. 17 Yehu awu ame sia ame si asi le Hazael ƒe yi nu eye Elisa awu ame sia ame si asi le Yehu ƒe yi nu. 18 Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o.”
Elisa trɔ zu Eliya ƒe nusrɔ̃vi
19 Ale Eliya yi ɖakpɔ Elisa, Safat ƒe vi la, esi wònɔ agble ŋlɔm kple nyiwo ƒe hatsotso wuiɖekɛ siwo yome wònɔ. Ewu bo la ŋɔŋlɔ nu kple nyiawo ƒe hatsotso mamlɛtɔ. Eliya te ɖe eŋu, tsɔ eƒe dziwui da ɖe eƒe abɔta eye wòtrɔ dzo. 20 Elisa gblẽ nyitsuawo ɖe afi ma, ƒu du ɖatu Eliya eye wògblɔ nɛ be, “Gbã la, na mayi aɖaklã fofonye kple danye ekema mayi kpli wò!”
Eliya gblɔ nɛ be, “Yi, nàtrɔ gbɔ! Nu kae na wò lãme le ƒoƒom ale?”
21 Elisa trɔ yi eƒe nyiawo gbɔ, wu wo dometɔ eve eye wòtsɔ nyiawo ƒe kɔkutiawo do dzoe heme woƒe lã. Ena lã la dɔwɔla bubuawo eye wo katã woɖu nu nyuie. Le esia megbe la, edze Eliya yome abe eƒe kpeɖeŋutɔ ene.