17
Akpaviãwo na nuɖuɖu Eliya
Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”
Yehowa gblɔ na Eliya bena, “Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.”
Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to. Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me.
Ahosi si nɔ Zarefat
Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o. Yehowa ƒe nya va na Eliya bena, “Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.” 10 Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?” 11 Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la vɛ nɛ la, Eliya yɔe, gblɔ nɛ be, “Nyo dɔ me nàtsɔ abolo aɖe hã kpe ɖe tsi la ŋu vɛ nam.”
12 Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”
13 Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la 14 elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ ”
15 Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. 16 Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.
17 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso. 18 Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”
19 Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. 20 Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?” 21 Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!”
22 Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe. 23 Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!”
24 Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”