5
Debora ƒe hadzidzi
Debora kple Barak, Abinoam vi la, dzi ha sia tso woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ŋuti.
“Mikafu Yehowa!
Israel ƒe kplɔlawo dze ŋgɔ dzideƒotɔe.
Ameawo kplɔ wo ɖo dzidzɔtɔe!
Ɛ̃, mikafu Yehowa!
 
“Miɖo to, mi fiawo kple fiaviwo,
mele ha dzi ge tso Yehowa ŋu,
tso Israel ƒe Mawu la ŋu.
Esi nèkplɔ mí do goe tso Seir
Heto Edom ƒe anyigba dzi la,
anyigba dzo nyanyanya,
dziƒo nu ʋu eye tsi dza.
Ɛ̃, towo ʋuʋu, Sinai to la gɔ̃ hã ʋuʋu kpekpekpe
le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume!
 
“Le Samgar, Anat ƒe vi kple Yael ƒe ɣeyiɣiawo me,
asitsalawo mezɔa mɔ ma dzi o.
Mɔzɔlawo wɔa axadzimɔ xaxɛ gɔdɔ̃ewo ŋu dɔ.
Israelviwo ƒe duwo zu aƒedo.
Va se ɖe esime nye Debora mezu Israel dada.
Esime Israel dze mawu bubuwo yome la,
futɔwo ho aʋa ɖe wo ŋu.
Míaƒe kplɔlawo mena akpoxɔnu alo akplɔ mí o
womekpɔ aʋawɔnu aɖeke kura
le Israelvi akpe blaene dome o!
Metso aseye ŋutɔ ɖe Israel ƒe kplɔlawo ta,
ame siwo tsɔ wo ɖokui na faa!
Mikafu Yehowa!
 
10 “Israelviwo katã, hotsuitɔwo kple ahetɔwo siaa,
hotsuitɔ siwo doa tedzi ɣiwo
ɖoa afɔ afɔɖodzinu xɔasiwo dzi
kple ame dahe, afɔzɔlawo siaa,
mikpe ta, miakafui.
11 Hadzila siwo le kɔƒewo me,
ƒoa ƒu ɖe kɔƒea ƒe vudo gbɔ
dzia ha tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋuti.
Wodzia ha enuenu
tso ale si Yehowa ɖe Israel
kple aʋawɔla siwo nye agbledelawo ŋu!
Yehowa ƒe amewo zɔ to agbo la me!
12 Oo, Debora, nyɔ eye nàdzi ha!
Oo, Barak, tsi tsitre!
Oo, Abinoam ƒe vi, kplɔ wò aʋaléleawo dzoe!
 
13 “Tete nuteƒewɔlawo va woƒe kplɔlawo gbɔ;
Yehowa ƒe amewo va hena aʋawɔwɔ.
14 Wotso Efraimnyigba dzi va balimea
le Benyamin ƒe viwo megbe.
Aʋakplɔlawo va tso Makir
aʋalɔgonunɔlawo va tso Zebulon
15 Isaka ƒe fiaviwo, Debora kple Barak,
ɖiɖi ɖe balime la
le Mawu ƒe ɖoɖo nu.
Ke Ruben ƒe viwo ya meyi o.
16 Nu ka ta mietsi aƒe le miaƒe alẽkplɔlawo gbɔ
be miaɖo to alẽkplɔlawo woanɔ woƒe dzewo kum?
Mama ɖo Ruben ƒe viwo dome:
ɖe woayia? Ɖe woagbe yiyia?
17 Nu ka ta Gilead ƒe viwo tsi Yɔdan godo
Dan ƒe viwo tsi woƒe tɔdziʋuwo gbɔ?
Nu ka ta Aser ƒe viwo drã ɖe ƒuta
dzidzemetɔe le woƒe ʋudzeƒewo?
18 Ke Zebulon ƒe viwo kple Naftali ƒe viwo
tsɔ wo ɖokui ke le aʋagbedzi.
19 Kanaan fiawo wɔ aʋa
le Taanak kple Megido vudowo gbɔ,
ke womeɖu futɔwo dzi o.
20 Dziƒo ŋutɔ ƒe ɣletiviwo
wɔ aʋa kple Sisera.
21 Kison tɔsisi la ƒe tsi sisiwo
kplɔ wo dzoe.
Nye luʋɔ, yi ŋgɔ kple ŋusẽ!
22 Se futɔwo ƒe sɔwo ƒe afɔzi ɖa!
Kpɔ woƒe sɔwo ƒe duƒuƒu ɖa!
23 Gblɔ be, ‘Miƒo fi de wo
elabena womeva kpe ɖe Yehowa ŋu
wɔ aʋa kple futɔwo o.’
 
24 “Woayra Yael,
Heber, Kenitɔ la srɔ̃
woyrae wu nyɔnu siwo nɔa agbadɔ te.
25 Sisera bia tsii
eye wòna nyinotsii
eye wòtsɔ nyinotsi babla
ɖe gagbɛ si dze bubumewo la me vɛ nɛ.
26 Edo eƒe asi ɖa
tsɔ tsyoti eye wòtsɔ eƒe nuɖusi
tsɔ dɔwɔlawo ƒe zu,
edae ɖe Sisera dzi
hegbã ta nɛ,
eŋɔ eye wògbã eƒe glãƒu
27 Sisera dze anyi
ɖe Yael ƒe afɔ nu
etsi afi si wòdze anyi ɖo.
Emu, dze to ɖe eƒe afɔ nu,
afi si wòmu ɖo la,
afi mae wòdze anyi ɖo
eye afi mae wòku ɖo.
 
28 “Sisera dada nɔ fesre nu kpɔm
tso fesrenuvɔ la megbe
edo ɣli be,
‘Nu ka ta eƒe tasiaɖam meva ɖo kpɔ o?
Nu ka ta míese tasiaɖam la ƒe afɔzi o?’
29 Eƒe nyɔnu ɖeka si dze
nunya wu wo katã la,
ɖo eŋu nɛ, vavã,
enɔ gbɔgblɔm na eɖokui
ɣe sia ɣi be,
30 ‘Ɖe menye afunyinu
geɖe lɔm wole hele mamam
nyɔnuvi ɖeka alo eve
na ŋutsu ɖe sia ɖe,
atsyɔ̃ɖowuwo na Sisera
abe nuhaha ene,
atsyɔ̃ɖowu siwo to
wolɔ̃ nu ɖo,
wolɔ̃ nu ɖe wo to nyuie
be woadze kɔme nam
eye esiawo katã nanye
nuhaha oa?’
 
31 “Oo, Yehowa, na wò futɔwo katã natsrɔ̃ nenema
ke ame siwo lɔ̃a Yehowa ya la,
na be woanɔ abe ɣe ene
ne edze le eƒe ŋusẽ me!”
Tete anyigba la kpɔ ŋutifafa ƒe blaene.