3
Yehowa gble dukɔ aɖewo ɖi be yeado Israel akpɔ
Ale Yehowa gblẽ dukɔ aɖewo ɖe anyigba la dzi be yeado Israelvi siwo mekpɔ aʋawɔwɔ le Kanaanyigba dzi teƒe o la kpɔ. Ewɔ esia be yeafia nu Israelviwo ƒe dzidzime ɖe sia ɖe tso aʋawɔwɔ ŋu, vevietɔ ame siwo mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ o. Ame siwo ganɔ anyigba la dzi kokoko woe nye Filistitɔwo ƒe du atɔ̃ me nɔlawo, Kanaantɔwo katã, Sidontɔwo kple Hivitɔwo, ame siwo nɔ Lebanon towo dzi, tso Baal Hermon to dzi yi ɖase Hamat mɔ nu. Wonye dodokpɔ na Israel be woakpɔe ɖa be Israelviwo awɔ se siwo Yehowa de na Mose, wòde na wo dzi loo alo womawɔ wo dzi o mahã.
Ale Israel nɔ Kanaantɔwo, Hititɔwo, Hivitɔwo, Perizitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo dome. Ke le esime Israelviwo natsrɔ̃ wo teƒe la, woɖe srɔ̃ tso wo dome. Israel ɖekakpuiwo ɖe dukɔ siawo ƒe ɖetugbiwo eye woawo hã ƒe ɖekakpuiwo ɖe Israel ɖetugbiwo. Eteƒe medidi hafi Israelviwo de asi dukɔ siawo ƒe mawuwo subɔsubɔ me o.
Otniel ɖe Israelviwo
Ale Israelviwo wɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, elabena wotrɔ le Yehowa, woƒe Mawu la yome eye wosubɔ Baalwo kple aƒeliwo.
Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu vevie eye wòna Kusan Risataim si nye Aram Naharaim fia va ɖu wo dzi eye wonɔ eƒe dziɖuɖu te ƒe enyi. Ke esi Israel do ɣli na Yehowa la, ena Kaleb ƒe tɔɖiayɔvi, Otniel, ame si nye Kenaz, Kaleb nɔviŋutsu ƒe vi la ɖe wo tso futɔwo si me. 10 Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi. 11 Ale Israelviwo nɔ ŋutifafa me ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime Otniel, Kenaz ƒe vi la ku.
Ehud ɖe Israelviwo tso Moabtɔwo ƒe asime
12 Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. Esi wowɔ vɔ̃ sia ta la, Yehowa tsɔ Israel de Moab fia Eglon ƒe ŋusẽ te. 13 Amonitɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe Moab fia la ŋu; woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yeriko, du si woyɔna be “Detiwo ƒe Du” 14 eya ta Israel nɔ Eglon, Moab fia la te ƒe wuienyi sɔŋ.
15 Ke esi Israelviwo gado ɣli na Yehowa la, eɖo ɖela aɖe ɖe wo. Ɖela siae nye Ehud, Gera ƒe vi, tso Benyamin ƒe to la me, ame si nye mia wɔla. Israelviwo dɔe ɖo ɖe Moab fia Eglon gbɔ kple woƒe nudzɔdzɔ. 16 Hafi wòayi la, Ehud wɔ adekpui nuevee aɖe si didi mita afã. Eblae ɖe eƒe ɖusita ŋu eye wòdo awu ɖe edzi. 17 Etsɔ nudzɔdzɔ yi na Moab Fia, Eglon, ame si lolo ŋutɔ. 18 Esi Ehud tsɔ nudzɔdzɔ na fia la la, egblɔ na Israelvi siwo tsɔ nuawo la be woatrɔ ayi aƒe. 19 Ke Ehud ŋutɔ trɔ le Gilgal ƒe legbawo gbɔ yi ɖagblɔ na fia la be, “O fia, nya ɣaɣla tɔxɛ aɖe le asinye na wò.” Tete fia la gblɔ na eŋumewo katã be, “Mizi ɖoɖoe!” Ale wo katã do go le xɔa me.
20 Ehud yi egbɔ le dziƒoxɔ dzi afi si eya ɖeka nɔ anyi ɖo le eƒe dzomeŋɔlifiasã me hegblɔ nɛ be, “Mexɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ na wò” Esi Fia la tsi tsitre tso eƒe zi dzi la, 21 Ehud ƒo eƒe miasi ɖe eƒe awu te heɖe adekpui si wòbla ɖe eƒe ɖusita ŋu la eye wònyrɔe ɖe fia la ƒe dɔ me.
22 Adekpui la ƒe didime blibo la ga la kple asiléƒe la siaa bu ɖe lãme na Fia Eglon hedo ɖe dzimegbe nɛ. Ehud meho aɖekpui la do goe o, eye eƒe lãmemi nye tsyɔ edzi. 23 Ale Ehud do go ɖe akpata me hetu dziƒoxɔ la ƒe ʋɔtruwo eye wode ga wo me. 24 Esi fia la ƒe subɔlawo kpɔ be ʋɔa nɔ tutu la, wolala, elabena wobu be ɖewohĩ fia la nɔ tsileƒe. 25 Ke esi eteƒe didi, eye fia la medo go o la, dzika tso wo ƒo, ale wodi safui aɖe heʋu ʋɔ la, kasia wokpɔ fia la wòku, mlɔ anyigba.
26 Le ɣeyiɣi sia me la, Ehud si heto kpelegba siwo wokpa da ɖe Seira la ŋu. 27 Esi wòɖo Efraim ƒe tonyigba dzi la, eku kpẽ. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta ɖe eŋu, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ. 28 Egblɔ na wo be, “Mikplɔm ɖo elabena Yehowa tsɔ míaƒe futɔwo, Moabtɔwo de asi na mí!”
Aʋakɔ la yi ɖaxɔ afi si Moabtɔwo tsoa Yɔdan tɔsisi la le, eye woxe mɔ na woƒe tɔsisi la tsotso. 29 Wodze Moabtɔwo dzi eye wowu woƒe aʋawɔla sesẽ akpe ewo; wo dometɔ aɖeke mete ŋu si o. 30 Ale Israel ɖu Moab dzi gbe ma gbe, eye ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaenyi sɔŋ.
31 Ʋɔnudrɔ̃la si kplɔ Ehud ɖo lae nye Samgar, Anat ƒe vi. Etsɔ nyikplɔti wu Filistitɔ alafa ade. Eya hã ɖe Israel.