19
Levitɔ aɖe kple eƒe ahiãvi
Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o.
Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda. Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene. Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃.
Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã. Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.” Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃. Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee.
Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”
10 Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la. 11 Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.”
12 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.” 13 Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.”
14 Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me. 15 Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme. 16 Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã. 17 Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.
18 Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o, 19 togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.”
20 Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.”
21 Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu. 22 Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.” 23 Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o. 24 Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.”
25 Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la, 26 eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie. 27 Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi. 28 Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ. 29 Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe. 30 Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”