57
Ame dzɔdzɔe tsrɔ̃na, eye ame aɖeke
mebua eŋu le eƒe dzi me o.
Woɖea Mawumemewo ɖa,
gake ame aɖeke mesea egɔme be
ɖe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa be
womagadze nu vɔ̃ɖi me o.
Ame siwo zɔna le dzɔdzɔenyenye me
la yina ɖe ŋutifafa me,
le ku me ke hã, wodzudzɔna.
 
“Ke mite va afii, mi nyɔnunukala ƒe viwo.
Mi ahasitɔwo kple gbolowo ƒe dzidzimeviwo!
Ame ka ŋue miele fewu ɖum le?
Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo
aɖe ɖe gota biɖaa na?
Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo
ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?
Fieŋufieŋu le lãme na mi ɖe legbawo ŋu,
le logotiwo kple ati dama ɖe sia ɖe te.
Mietsɔa mia viwo sãa vɔe
le balimewo kple agakpetowo te.
Legba siwo le balime kple kpe zɔsrɔ̃ewo dome lae
nye wò gomekpɔkpɔ.
Woawoe nye tɔwò.
Woawoe nèƒoa aha ɖi na,
eye nètsɔa nuɖuvɔsa hã naa wo.
Le nu siawo katã ta la, ɖe mazi kpia?
Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi.
Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.
Ètsɔ wò trɔ̃subɔnuwo da ɖe
wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo megbe.
Ègbe nu le gbɔnye.
Èklo nu le wò aba dzi hede edzi,
eye nèkekee ɖe edzi hebla enu
kple ame siwo ƒe abawo nèlɔ̃,
eye nèkpɔ woƒe amame.
Èyi ɖe Molek gbɔ kple ami,
eye nètsɔ ami ʋeʋĩwo kpe ɖe eŋu fũu.
Èɖo wò ame dɔdɔwo ɖe didiƒe ke,
eye wò ŋutɔ nèyi tsiẽƒe!
10 Wò mɔwo na ɖeɖi te ŋuwò,
gake mèdi be yeagblɔ be,
‘Wo katã nye tofloko’ o.
Èkpɔ be wò ŋusẽ gaɖo yeye me,
eya tae nu mete ŋuwò o.
 
11 “Ame kae dzi ŋɔ na mi nenema,
eye ame kae mievɔ̃ na
nenema gbegbe be mieto nyateƒe nam o,
eye mieɖo ŋku dzinye alo bu nu sia ŋuti
le miaƒe dzi me o?
Ɖe menye esi mezi kpi eteƒe didi
tae mievɔ̃na nam oa?
12 Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye
kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia,
ke womaɖe vi aɖeke na mi o.
13 Ne miedo ɣli be woakpe ɖe mia ŋu la,
ekema mina miaƒe legba gbogboawo naxɔ na mi!
Ya akplɔ wo katã adzoe,
ne woɖo ƒuƒu teti ɖe wo la,
wo katã woaƒo ya adzo;
ke ame si tsɔm wɔ eƒe sitsoƒee la,
anyi anyigba la ƒe dome,
eye wòaxɔ nye to kɔkɔe la wòanye etɔ.”
Akɔfafa na dzimetrɔlawo
14 Woagblɔ be,
“Mido mɔ, mido mɔ.
Midzra mɔtata la dzi ɖo!
Miɖe mɔxenuwo ɖa le mɔ me na nye dukɔ”,
15 elabena ale ame si nye gã,
eye wòkɔ wu nuwo katã,
ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe
nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi,
“Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe,
gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee,
eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be
magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la
ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe
ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.
16 Nyemanɔ fɔ bum ɖaa
alo ado dɔmedzoe ɣe sia ɣi o,
ne menye nenema o la,
nu ati kɔ na ame ƒe gbɔgbɔ le ŋkunye me,
eye nu ate luʋɔ siwo mewɔ la ŋu.
17 Nye dɔmedzoe fla le eƒe ŋubiabiã ƒe nu vɔ̃ ta.
Mehe to nɛ, eye meɣla nye ŋkume ɖee le dziku me,
ke hã la, egayi eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzi.
18 Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu.
Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.
19 Matsɔ kafukafuha ade nu
na Israel ƒe konyifalawo, eye
ŋutifafa, ŋutifafa na ame siwo le kpuiƒe kple didiƒe siaa.
Nye la, mayɔ dɔ wo katã.”
Yehowae gblɔe.
20 “Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo
si mate ŋu anɔ anyi kpoo o la ene;
esi ƒe ƒutsotsoewo le gbeɖuɖɔ
kple ba ɖem ɖe go.”
21 Nye Mawu be,
“Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖi la o.”