54
Ŋutikɔkɔe si ava Zion dzi
“Tso aseye, o konɔ,
wò ame si medzi vi kpɔ o.
Wò ame si melé ku kpɔ o.
Dzi ha nàdo dzidzɔɣli,
elabena nyɔnu si tsi akogo la
ƒe viwo sɔ gbɔ wu nyɔnu si si srɔ̃ le la.”
Yehowae gblɔe.
Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe ɖe edzi,
he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi;
he wò agbadɔvɔ la me ɖe edzi,
mègatoe ɖe eme o.
Didi wò agbadɔkawo ɖe enu,
eye nàƒo wò tsyotiwo ɖe to sesĩe,
elabena akeke ta ayi ɖusime kple miame.
Wò dzidzimeviwo axɔ dukɔwo
ƒe anyigbawo le wo si, eye woatso aƒewo ɖe
woƒe du gbagbãwo me, anɔ wo me.
 
“Mègavɔ̃ o, elabena wò mo matsi dãa o.
Mègavɔ̃ na ŋukpeɖuɖu o,
elabena womado vlo wò o.
Àŋlɔ wò ɖetugbimeŋukpewo be,
eye màgaɖo ŋku wò ahosinyenye
ƒe vlododowo dzi o,
elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò.
Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela.
Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.
Yehowa agbugbɔ ayɔ wò vɛ,
abe nyɔnu si gbɔ srɔ̃a gbe nu le,
eye eƒe gbɔgbɔ le nu xam la ene.
Abe ame si ɖe srɔ̃ le ɖetugbime,
eye srɔ̃a gblee ɖi la ene”
Wò Mawu lae gblɔe.
“Megble wò ɖi ɣeyiɣi kpui aɖe ko,
gake matsɔ dɔmetɔtrɔ si goglo la akplɔ wò agbɔe.
Le nye dziku sesẽ la me meɣla
nye mo ɖe wò ɣeyiɣi kpui aɖe,
gake matsɔ dɔmenyo si nɔa anyi
tegbee la ave nuwòe.”
Yehowa, wò Ɖelae gblɔe.
 
“Ele nam ko abe Noa ƒe ɣeyiɣiwo me ene,
esi meka atam be ale si tsi ɖe anyigbae le Noa ŋɔli la,
magadzɔ nenema akpɔ gbeɖe o.
Nenema kee meka atam azɔ be
nyemagado dziku ɖe mia ŋuti o
eye nyemagaka mo na mi akpɔ o.
10 Togbɔ be towo aʋa, eye togbɛwo aɖe ɖa hã la,
nye lɔlɔ̃ mavɔ si metsɔ lɔ̃ mi la maʋã o,
eye nye ŋutifafanubabla mate ɖa o.”
Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe.
 
11 “O! Wò du si kpe hiã,
ahom lɔ wò ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o.
Matsɔ kpe ŋɔŋɔewo atu wòe,
eye matsɔ adzagba aɖo gɔwòme anyi.
12 Matsɔ gbloti asrã wò xɔtamee,
wò agbowo anye lekewɔnu siwo le keklẽm,
eye wò gliwo anye kpe xɔasiwo.
13 Yehowa afia nu viwò ŋutsuwo katã,
eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ fũu.
14 Woaɖo gɔwòme anyi le dzɔdzɔenyenye me.
Ŋutasesẽ anɔ adzɔge na wò.
Màvɔ̃ na naneke o.
Ŋɔdzi ate ɖa xaa tso gbɔwò,
eye mate ɖe ŋuwò o.
15 Ne ame aɖe wɔ avu kpli wò la, menye nyee dɔe o.
Ame si awɔ avu kpli wò la, ana ta.
 
16 “Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede
si yɔa ʋu ɖe dzo te wòléna,
eye wòtua lãnu si hiã na eƒe dɔ.
Nyee wɔ nugblẽla be wòagblẽ nu;
17 lãnu sia lãnu si wotu ɖe ŋutiwò la,
madze edzi o,
eye àɖu aɖe sia aɖe si atso ɖe
ŋutiwò le ʋɔnu la dzi.
Esiae nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu,
eye wòganye afiatsotso na wò tso gbɔnye,”
Yehowae gblɔe.