5
Hadzidzi tso Aƒetɔ la ƒe waingble ŋu
Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso
eƒe waingble ŋuti.
Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ
si nyoa nuku la dzi.
Edzobo eme heɖe kpewo le eme,
eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme.
Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina,
eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma.
Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo,
gake wotse wain vevewo.
 
“Azɔ, Yerusalem ŋutsuwo kple Yuda ŋutsuwo,
miese ale si nya la katã va yii,
eya ta midrɔ̃ ʋɔnu le nye
kple nye waingble la dome.
Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la
esi nyemewɔ nɛ o?
Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo,
gake wain vevewo ko wòtse?
Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala
nye waingble la na mi.
Magbã kpɔ ɖa le eŋuti, eye lãwo aɖui.
Magbã gli le eŋu ne amewo nafanyae.
Mawɔe wòazu gbegbe,
womake eƒe alɔwo alo aga eme o,
eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma.
Made se na lilikpowo be
womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”
 
Israel ƒe aƒee nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye
eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo.
Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso,
ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ;
ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ,
ke konyifavi koe ɖi.
Konyifafa kple ʋɔnudɔdrɔ̃wo
Baba na mi ame siwo le xɔ tsiam ɖe xɔ nu,
eye wole agble tsiam ɖe agble nu be
teƒe aɖeke megasusɔ o,
be woawo ɖeɖe naxɔ anyigba la dzi!
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ka atam mese kple nye towo,
“Ne xɔ gãwo mezu gbegbe,
eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi!
10 Woakpɔ wain adzafi ɖeka
kple afã pɛ ko le waingble agbleka ewo sɔŋ me,
eye ne woƒã bli agba ɖeka la, bli kotoku ɖeka pɛ
ko woakpɔ le eme.”
 
11 Baba na mi, ame siwo fɔna fɔŋli henɔa ho ʋlim
le aha muame nono me,
eye mienɔa wain yome va se ɖe zãtiƒe,
eye wòmua mi tsiɖitsiɖi.
12 Kasaŋkuwo kple saŋkuwo ɖina
le miaƒe kplɔ̃ɖoƒewo, axatsɛwo,
kpẽwo kple wain bɔna ɖe eŋu,
gake wometsɔ ɖeke le eme na Yehowa ƒe
dɔwɔwɔwo alo ade bubu eƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu o.
13 Eya ta nye amewo ayi ɖe aboyome le nugɔmemasemase ta;
dɔwuame awu woƒe ame ŋkutawo,
eye tsikɔ awu ame haho la.
14 Eya ta nuɖuɖu le yɔdo dzrom vevie,
eye wòke eƒe nu ɖi baa,
eya ta Yerusalem ƒe ame ŋkutawo
kple ame hahoawo age dze eme
kple woƒe dzidzɔkpɔkpɔwo
kple aglotutuwo katã.
15 Ale woaɖiɖi ame ɖe anyi,
woabɔbɔ amegbetɔƒomea ɖe anyi,
eye woate dadalawo ƒe ŋku ɖe to.
16 Ke woado Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ɖe dzi le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me,
eye Mawu Kɔkɔe la aɖe
eƒe kɔkɔenyenye afia to
eƒe dzɔdzɔenyenye me.
17 Ekema alẽwo aɖu gbe abe woawo ŋutɔ
ƒe lãnyiƒee wole ene;
eye alẽviwo aɖu nu le kesinɔtɔwo ƒe aƒedowo me.
 
18 Baba na ame siwo tsɔ beble
ƒe kawo de dzidada le hehem,
eye wode kekehekawo nu vɔ̃ hele hehem,
19 ame siwo gblɔna be “Mawu newɔ kaba.
Nedo tsɔtsɔe eƒe dɔ be miakpɔe;
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe aɖaŋudede
neva kaba ne mianyae.”
 
20 Baba na ame siwo yɔ vɔ̃ be nyui,
eye woyɔ nyui be vɔ̃,
ame siwo tsɔ viviti ɖɔli kekeli,
eye wotsɔ kekeli ɖɔli viviti.
Ame siwo yɔa veve be vivi,
eye woyɔa vivi be veve.
 
21 Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe,
eye wonye aɖaŋudelawo
le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ.
 
22 Baba na ame siwo nye kalẽawo le wain gã nono me,
eye wonye dziɖulawo le ahamuamewo tɔtɔ me,
23 ame siwo xɔa zãnu, eye wotsoa afia ŋkunɔ na agɔdzelawo;
ke ame siwo ƒe nya dzɔ la, wodea wo nya me.
24 Eya ta abe ale si dzo ƒe aɖe fiaa bee,
eye gbe ƒuƒu bina le dzo me ene la,
nenema kee woƒe kewo anyunyɔ,
eye ya aƒo woƒe seƒoƒowo adzoe abe ʋuʋudedi ene,
elabena wogbe Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la
ƒe nufiame, eye woɖe alɔme
le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nyawo ŋu,
25 Eya ta Yehowa ƒe dziku bi ɖe eƒe amewo ŋu.
Ekɔ eƒe alɔ dzi, eye wòƒo wo ƒu anyi.
Towo ʋuʋu kpekpekpe, eye ŋutilã kukuwo le abe
gbeɖuɖɔ le aɖukpo dzi ene.
 
To esiawo katã gbɔ hã la, eƒe dziku nu mefa o,
eƒe alɔ gale dzi ko.
 
26 Ekɔ aflaga dzi na didiƒe dukɔwo, eye wòlia aku na
ame siwo le anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Kpɔ ɖa, wova kaba kple du!
27 Ɖeɖi mete wo dometɔ aɖeke ŋu
alo nu nati kɔ nɛ o.
Ɖeka pɛ hã medɔ akɔlɔ̃e alo dɔ alɔ̃ o.
Alidziblanu metu le ɖeke ƒe ali o,
eye tokota metso le ɖeke ƒe afɔ o.
28 Woƒe datiwo le ɖaɖam,
eye woku woƒe dawo me.
Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe dzosigbewo ene,
eye woƒe tasiaɖamwo ƒe afɔwo le abe yali ene.
29 Woƒe gbeɖeɖe le abe dzata tɔ ene,
eye woɖea gbe abe dzataviwo ene.
Wotea gbe heléa nu, eye wotsɔa nu si wolé la dzonae,
ame aɖeke mate ŋu axɔe le wo si o.
30 Gbe ma gbe la, woaɖe gbe ɖe edzi abe atsiaƒu ene.
Ne ame aɖe nye kɔ kpɔ anyigba la,
viviti kple hiã ko wòakpɔ,
eye lilikpowo gɔ̃ hã ana kekeli nado viviti.