48
Israel, dukɔ tosesẽtɔ la
“O! Yakob ƒe aƒe, miɖo to nya sia.
Mi ame siwo ŋu woyɔ Israel ɖo,
eye mietso Yuda ƒe dzidzime me.
Mi ame siwo ka atam kple Yehowa ƒe ŋkɔ,
eye mieyɔa Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ,
gake menye le nyateƒe alo dzɔdzɔenyenye me o.
Mi ame siwo yɔa mia ɖokuiwo be du kɔkɔe la me tɔwo,
eye mieɖo ŋu ɖe Israel ƒe Mawu la ŋu,
ame si ŋkɔe nye Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.
Megblɔ nu siwo dzɔ va yi la da ɖi xoxo.
Metsɔ nye nu ɖe gbeƒã wo,
eye mena mienya wo.
Meɖe zɔ, kasia wo katã wova eme,
elabena menya ale si miaƒe dzi me sẽe.
Miaƒe kɔwo lia abe gakpo ene,
eye miaƒe tagbɔ sẽ abe akɔbli ene,
eya ta megblɔ nu siawo
na mi gbe aɖe gbe ʋĩi va yi.
Hafi woava adzɔ la,
meɖe gbeƒã na mi be miagagblɔ be,
‘Nye legbawoe wɔ wo.
Nye aklamakpakpɛwo
kple akɔblimawue ɖo wo da ɖi,’ o.
Miese esiawo katã.
Mikpɔ wo katã ɖa.
Ɖe mialɔ̃ be wole eme oa?
 
“Tso azɔ dzi la,
maƒo nu tso nu yeyewo ŋu na mi,
tso nu siwo le ɣaɣla, eye mienya wo o
la ŋuti na mi.
Fifia ko wowɔ wo.
Wo wɔɣi medidi o.
Miese woƒe ŋkɔ kpɔ abe egbea ene o,
eya ta miate ŋu agblɔ be,
‘Ɛ̃ mienya wo’ o.
Miesee kpɔ loo alo se egɔme o.
Tso blema ke, miaƒe towo meʋu o.
Menya ale si miebaɖae la nyuie.
Woyɔa mi tso ɖevime ke be, aglãdzelawo.
Le nye ŋutɔ nye ŋkɔ ta la,
mehe nye dɔmedzoe ɖe megbe.
Le nye kafukafu ta la, nyemena wòva mia dzi o,
be nyematsrɔ̃ mi o.
10 Kpɔ ɖa, melolõ mi, gake menye abe klosalo ene o.
Medo mi kpɔ le fuwɔame ƒe kpodzo me.
11 Le nye ŋutɔ ta, mewɔ esia ɖo.
Aleke maɖe mɔ be woaɖi gbɔ̃m?
Nyematsɔ nye ŋutikɔkɔe
na ame bubu o.”
Israel kpɔ ɖeɖe
12 “O! Yakob, ɖo tom, Israel, ame si meyɔ.
Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.
13 Nye ŋutɔe tsɔ nye asiwo ɖo anyigba gɔme anyi,
eye nye nuɖusibɔe metsɔ keke dziwo mee.
Ne meyɔ wo la,
wo katã wotsona ɖekae.
 
14 “Mi katã miva ƒo ƒu ne miaɖo to afii.
Legbawo dometɔ kae gblɔ nu siawo da ɖi?
Ame si Yehowa tia la ana Yehowa ƒe
tameɖoɖo ɖe Babilonia ŋu nava eme, eye wòakɔ
eƒe abɔ dzi ɖe Babiloniatɔwo ŋu.
15 Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe.
Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me.
16 “Mite ɖe ŋunye kpokploe ne miaɖo to nya sia,
nyemeƒo nu le bebeme o.”
 
Esi wòva eme la, menɔ afi ma?
Azɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la dɔm kple eƒe Gbɔgbɔ.
 
17 Ale Yehowa, wò Ɖela,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi,
“Nyee nye Yehowa, wò Mawu,
si fiaa nu si nyo na wò la wò,
ame si fiaa mɔ si nàto la wò.
18 Nenye ɖe nèɖo to nye sededewo la,
anye ne wò ŋutifafa anɔ sisim abe tɔsisi ene,
eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoe ene.
19 Wò dzidzimeviwo ɖe woasɔ gbɔ abe ke ene,
eye viwòwo abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene.
Womaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa loo
alo woatsrɔ̃ le ŋkunye me o.”
 
20 Midzo le Babilonia, misi le Babiloniatɔwo gbɔ!
Mitsɔ dzidzɔɣli ɖe gbeƒã esia, eye mido bobloe.
Miɖo du ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke be,
“Yehowa ɖe eƒe dɔla Yakob”
21 Tsikɔ mewu wo esi wòkplɔ wo to gbedzi o.
Ena tsi do tso agakpe me na wo.
Egbã agakpe la,
eye tsi do bababa.
 
22 Yehowa be,
“Ŋutifafa meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”