21
Nyagblɔɖi ɖe Babilonia ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu.
Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe,
anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom
tuna toa anyigbemenyigba dzi ene.
 
Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam;
ametatrɔla trɔ ame ta,
nuhala kpɔ nuhaha.
Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu!
Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu.
 
Eya ta vevesese na nye ameti blibo la meʋuʋu.
Vevesese ƒo ɖem abe nyɔnu si le ku lém la tɔ ene.
Nu siwo mese la na memu sɔgɔsɔgɔ,
eye dzidzi ƒom le nu siwo mekpɔ la ta.
Nye dzi tso, vɔvɔ̃ na medzo nyanyanya.
Ale fiẽ fafɛ si mele mɔ kpɔm
na la zu ŋɔdzi gã aɖe nam.
 
Woɖo kplɔ̃wo. Nuwo katã sɔgbe,
woɖu nu, wono nu!
Kasia ɣli ɖi be, mitso,
mi amegãwo ne miasi ami
na miaƒe akpoxɔnuwo.
Ale Yehowa gblɔ nam nye esi,
“Yi nàɖo gbetakpɔla,
eye na wòaɖe gbeƒã nu
siwo katã wòkpɔ.
Ne ekpɔ tasiaɖamwo kple sɔdolawo ƒe hã,
tedzidolawo kple kposɔdolawo la,
ekema neɖo to, wòagaɖo to nyuie.”
Gbetakpɔla ɖe gbe abe dzata ene be,
“Nye Aƒetɔ, metsi tsitre ɖe nye dzɔƒe
la gbe sia gbe kple zãwo katã me.
Kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe le tasiaɖam me
kple sɔdolawo ƒe ha gbɔna,
eye wòna ŋuɖoɖo siam be,
‘Babilonia mu, gamu.
Wogbã eƒe legbawo katã ƒu anyi.’ ”
 
10 O! Nye dukɔ si wogbã gudugudu le lugbɔƒe abe lu ene,
megblɔ nu siwo katã Yehowa,
Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la
de asi nam be magblɔ la na mi.
Nyagblɔɖi ɖe Edom ŋu
11 Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu.
Ame aɖe yɔm tso Seir be,
“Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa?
Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?”
12 Gbetakpɔla ɖo eŋu be,
“Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake.
Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.”
Nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu
13 Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Arabia ŋu.
Mi asiha siwo tso Dedam,
ame siwo ƒu asaɖa anyi ɖe Arabia ƒe avekɔewo me,
14 mi ame siwo le Tema,
miku tsi vɛ na ame siwo tsikɔ le wuwum.
Mitsɔ nuɖuɖu vɛ na aʋasilawo,
15 elabena wosi le yi si woɖe le aku me la
kple da si me wovu kpakple aʋa si dzi ŋɔ la nu.
16 Ale Aƒetɔ la gblɔ nam nye esi, “Le ƒe ɖeka me tututu abe ale si awɔbamenɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, Kedar ƒe atsyɔ̃ katã nu ayi. 17 Aŋutrɔdala mamlɛawo kple aʋawɔla siwo susɔ le Kedar la anye ame ʋɛ aɖewo ko.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.