19
Nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu.
Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte
kple du le lilikpowo dzi.
Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume,
eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.
 
“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo,
nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu,
du natso ɖe du ŋu,
eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.
Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo,
ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.
Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te,
eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.”
Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
 
Nil tɔsisi la amie,
eye eme aƒu kplakplakpla.
Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm.
Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu.
Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ.
Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to
kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la
ƒe godoƒe la hã ayrɔ.
Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia,
eye ya aƒo wo adzoe.
Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi,
eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu.
Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ,
nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã.
10 Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa
eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu.
 
11 Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo.
Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo.
Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be,
“Menye nunyalawo dometɔ ɖeka,
menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
 
12 Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ.
Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la,
ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí.
13 Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo.
Woble Memfis ƒe dukplɔlawo,
eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae.
14 Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me.
Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã
wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si
eya ŋutɔ ɖe la me ene.
15 Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike,
deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o.
16 Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta. 17 Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.
18 Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
19 Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa. 20 Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me. 21 Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi. 22 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.
23 Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae. 24 Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi. 25 Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”