16
Miɖo alẽviwo ɖe anyigbadziɖula la abe
miaƒe adzɔnunana ene tso Sela to gbegbe la
ahayi ɖe Zion ƒe vinyɔnu ƒe to la dzi.
Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le
woƒe atɔwo me ene la,
nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo
le Arnon ƒe tɔtsoƒewo.
 
“Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí.
Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu.
Ɣla aʋasilawo, eye mègafia wo yomemɔ o.
Na be Moab ƒe aʋasilawo nanɔ gbɔwò,
eye nànye woƒe sitsoƒe tso nugblẽla ƒe asi me.”
 
Ŋutasẽla ƒe ɣeyiɣi ava yi, eye gbegblẽ hã nu atso.
Ameyometila hã abu ɖa keŋ le anyigba dzi.
Woaɖo fiazikpui anyi le lɔlɔ̃ me.
Ŋutsu aɖe si atso David ƒe aƒe me la,
anɔ edzi le nuteƒewɔwɔ me.
Ame sia adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe,
eye wòado dzɔdzɔenyenye ɖe ŋgɔ.
 
Míese nu tso Moab ƒe dada,
eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi,
eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu,
gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro,
eya ta Moabtɔwo afa avi,
woafa avi ɖe Moab ŋu.
Mixa nu, miafa konyi ɖe waintsetsebolo ta na Kir Hareset,
elabena Hesbon ƒe agblewo yrɔ,
nenema kee nye Sibma ƒe wainkawo hã.
Dukɔwo ƒe amegãwo gblẽ waintsetse nyuitɔ
siwo ƒe kawo de Yazer heɖo keke gbegbe,
eye eƒe alɔwo keke va ɖo ƒuta.
Eya ta mafa avi abe Yazer
ɖe Sibma ƒe wainkawo ŋu ene.
O! Hesbon, O! Eleale. Mefa mi vevie!
Elabena dzidzɔɣli si ɖina le miaƒe kutsetsegbeɣi
kple nuŋeŋe me la zi ɖoɖoe.
10 Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me,
ame aɖeke mele ha dzim
alo le dzidzɔɣli dom le waingblewo me o,
ame aɖeke megafiaa wain le wainfiaƒe o,
elabena metsi dzidzɔɣliwo nu.
11 Nye dzi le konyi fam le menye ɖe Moab ŋu
abe ale si woƒoa kasaŋku ene,
eye vevesese tso Kir Hareset ŋu.
12 Ne eva eme be Moab do ɖe eƒe nuxeƒe la,
dagbadagba ƒuƒlu koe.
Ne eyi eƒe gbedoɖaƒe
be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.
13 Esia nye nya si Yehowa gblɔ ɖi xoxo tso Moab ŋu. 14 Yehowa be, “Le ƒe etɔ̃ me tututu abe ale si agbatedɔwɔla xlẽa eƒe ƒee ene la, maɖi gbɔ̃ Moab ƒe atsyɔ̃ kple ame gbogboawo, ame siwo asusɔ la, woanɔ ʋɛe, eye womanɔ nemi me hã o.”