13
Nyagblɔɖi ɖe Babilonia ŋu
Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.
Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame.
Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo.
Mimia asi wo,
be woage ɖe bubumewo
ƒe agbowo me.
Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo
be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye
ɖe nye dziɖuɖu ŋu.
 
Miƒu to anyi,
ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã
aɖewoe le afi ma ene.
Miƒu to anyi,
zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe
le ƒu ƒom ene.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae
le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
Wotso anyigba didiwo dzi va,
tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke.
Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe
ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.
 
Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu,
eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.
Vevesese kple nuxaxa alé wo,
eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Woƒe mo anɔ vevem hẽe,
eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.
 
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna.
Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be
woana anyigba la nazu gbegbe,
eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi.
10 Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o,
ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
11 Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta,
eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta.
Matsi dadalawo ƒe dada nu,
eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
12 Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ,
eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.
13 Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe,
eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke
le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta
le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi.
 
14 Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene
alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la,
ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ,
eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.
15 Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé,
eye ame si dzi asi su la atsi yi nu.
16 Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume.
Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe.
 
17 Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu;
ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o,
eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o.
18 Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi.
Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o,
alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.
19 Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi,
Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi
abe Sodom kple Gomora ene.
20 Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o,
eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime.
Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o,
alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo
natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
21 Ke gbemelãwo koe atsyɔ
akɔ anyi ɖe afi ma.
Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me,
golowo atso aƒe ɖe afi ma
eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma.
22 Gbevuwo hã anɔ afi ma,
Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo.
Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe,
eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.