2
“Trɔ ŋkɔ na nɔviwò ŋutsua be Ami, si gɔmee nye ‘Azɔ ènye tɔnye,’ eye nàyɔ nɔviwò nyɔnu la be Ruhama si gɔmee nye ‘Nublanuikpɔkpɔ.’
Mawu he to na Israel, eye wòtsɔ eƒe nu vɔ̃ kee
“Mika mo na mia dada,
elabena etrɔ zu ŋutsu bubu srɔ̃,
eye nyemeganye srɔ̃a o.
Mika mo nɛ be wòadzudzɔ ahasiwɔwɔ,
eye megatsɔ eɖokui na ŋutsu bubuwo azɔ o.
Ne egbe gale edzi la,
maɖe avɔ le eŋuti wòanɔ amama
abe gbe si gbe wodzii ene,
eye mana wòasɔ kple gbegbe,
anɔ abe kuɖiɖinyigba ene,
eye mana tsikɔ nawui wòaku.
Nyemakpɔ nublanui na viawo o,
elabena wonye ahasiviwo.
Wo dada wɔ ahasi kple ŋutsu bubuwo,
eye wodzi wo ɖe ŋukpe me hegblɔ be,
‘Mati ŋutsu bubuwo yome aku ɖe wo ŋuti,
be woana nuɖuɖu, tsi, avɔ, ami kple aham.’
Ke nye la, matɔ kpɔ aƒo xlãe kple ŋutiwo;
maxe mɔ nɛ, ale be magakpɔ mɔ o,
eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o.
Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o.
Ekema agblɔ na eɖokui be,
‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ,
elabena esi menɔ egbɔ la,
nuwo dze edzi nam wu fifia.’
Menyae be nyee naa bli,
aha yeye, ami, sika kple klosalo si
wòtsɔ le eƒe mawu, Baal
subɔmii la ye o.
 
“Ke azɔ la, maxɔ wain kple bli siwo menanɛ la le esi,
eye maxɔ avɔ siwo katã metso nɛ be wòata la le esi.
10 Azɔ maɖe amamae le dutoƒo be eƒe lɔlɔ̃tɔwo nakpɔ,
eye ame aɖeke mate ŋu axɔe le asinye o.
11 Matɔ te eƒe azãɖuɖuwo katã;
eƒe ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyuiwo, dzinu yeyewo,
Dzudzɔgbewo kple azãɖugbewo katã.
12 Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo,
agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye.
Mana agblewo nato gbe azu ave,
eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.
13 Mahe to nɛ ɖe ɣeyiɣi siwo wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ
na Baalwo, eƒe legba Baal,
eye wòde eƒe togɛ kple kɔsɔkɔsɔwo,
hedze eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome, hegblẽm ɖi.
Yehowae gblɔe.
 
14 “Eya ta mable enu akplɔe ayi ɖe gbedzi,
afi ma maƒo nu nɛ kple lɔlɔ̃gbe bɔkɔɔ le.
15 Afi ma magbugbɔ eƒe waingble la nɛ,
eye matrɔ eƒe Nuxaxa ƒe Balime la
wòazu Mɔkpɔkpɔ ƒe Agbo.
Adzi ha kple dzidzɔ abe ale si wònɔ nɛ le
eƒe ɖetugbime esi wòdo go tso Egipte ene.”
 
16 Yehowa be,
“Gbe ma gbe la ayɔm be,
‘Srɔ̃nye,’ ke menye ‘Nye Aƒetɔ’ o.
17 Maɖe Baalwo ƒe ŋkɔwo ɖa le ŋuwò,
eye màgaƒo ŋkɔ ɖo na wo azɔ o.
18 Le ɣe ma ɣi me la,
mabla nu le wò kple lã wɔadãwo, xeviwo,
kple lã siwo tana la dome,
maŋe dati kple yi,
maɖe aʋawɔwɔ ɖa le anyigba dzi,
eye ame sia ame anɔ anyi le ŋutifafa me.
19 Mabla wò ɖe ɖokuinye ŋu tegbee;
matsɔ dzɔdzɔenyenye, nuteƒewɔwɔ,
lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ
abla wò ɖe ɖokuinye ŋu.
20 Mabla wò le anukwareɖiɖi me ɖe ɖokuinye ŋu,
eye àva nya Yehowa wu tsã.”
 
21 Yehowa be:
“Le ŋkeke ma dzi la,
maɖo to dziƒowo ƒe gbe,
dziƒowo hã aɖo to anyigba ƒe gbe,
22 anyigba hã aɖo to bli,
aha yeye kple ami,
eye woawo hã woaɖo to Yezreel ƒe gbe.
23 Maɖo nye dukɔ Israel te na ɖokuinye
le anyigba dzi, eye maɖe nye lɔlɔ̃ afia
ame si meyɔ be ‘Menye nye lɔlɔ̃tɔe o.’
Magblɔ na ame siwo woyɔna be,
‘Mienye nye dukɔ o’ la be
‘Mienye nye dukɔ’;
eye woawo hã agblɔ be,
‘Wòe nye mía Mawu.’ ”